< Mose 1 28 >

1 Isak yɔ Yakob, yrae, eye wògblɔ nɛ be, “Mègaɖe Kanaan nyɔnu siawo dometɔ aɖeke o,
Isaac called for Jacob and blessed him. “Don't marry a Canaanite woman,” he ordered him.
2 ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka.
“Leave right away and go to Paddan-aram, to the home of Bethuel, your mother's father. Find yourself a wife there—a daughter of Laban, your mother's brother.
3 Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe!
God Almighty bless you and may your descendants be so numerous that you become the ancestor of many nations.
4 Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.”
May he grant you and your descendants the same blessing he gave to Abraham, so that you may take over the land where you now live as a foreigner, the land God gave to Abraham.”
5 Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa.
So Isaac sent Jacob on his way. He traveled to Paddan-aram, to Laban, son of Bethuel the Aramean. Laban was the brother of Rebekah, the mother of Jacob and Esau.
6 Esau kpɔ be ye fofo Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan Aram be wòaɖe srɔ̃ le afi ma, ke ede se na Yakob be, “Megaɖe Kanaan nyɔnu o.”
Esau found out that Isaac had blessed Jacob and had sent him to Paddan-aram to find a wife there, and that when he blessed him he ordered him, “Don't marry a Canaanite woman.”
7 Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Padan Aram.
He also discovered that Jacob had done what his father and mother told him and had left for Paddan-aram.
8 Esau de dzesii be Kanaan nyɔnuawo medze ye fofo Isak ŋu o.
This made Esau realize how much his father disliked Canaanite women.
9 Ale Esau yi etɔgã, Ismael ƒe ƒome me, eye wòɖe srɔ̃ bubu eve tso afi ma kpe ɖe srɔ̃ siwo nɔ esi xoxo la ŋu. Srɔ̃ yeye siawo dometɔ ɖekae nye Mahalat, Nebayɔt nɔvi kple Ismael si nye Abraham ƒe viŋutsu la ƒe vinyɔnu.
So he went to Ishmael's family and married an additional wife—Mahalath, the daughter of Ishmael, Abraham's son, the sister of Nebaioth.
10 Yakob dzo le Beerseba, eye wòɖo ta Haran.
In the meantime Jacob had set off from Beersheba on his way to Haran.
11 Esi zã do la, etsi teƒe aɖe dɔ, eye wòziɔ kpe aɖe abe suɖui ene be yeadɔ alɔ̃.
He arrived after sunset at a particular place and stopped there for the night. He picked up a stone, put it under his head, lay down and went to sleep.
12 Eku drɔ̃e kpɔ atsrɔe aɖe si didi tso anyigba yi ɖatɔ dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo nɔ eliam ganɔ ɖiɖim.
He dreamed he saw a stairway that started on earth, and the top reached all the way into heaven. He saw God's angels going up and down on it.
13 Ekpɔ Yehowa wònɔ atsrɔe la tame, eye wògblɔ be, “Nyee nye Yehowa, Abraham ƒe Mawu kple fofowò Isak ƒe Mawu. Anyigba si dzi nèmlɔ la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo,
Then he saw the Lord standing over him, who said, “I am the Lord, the God of your father Abraham, and the God of Isaac. I'm giving you and your descendants the land you're lying on.
14 elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi.
Your descendants will be as numerous as the dust of the earth, and will spread out west and east, and north and south. Everyone on earth will be blessed by your descendants.
15 Gawu la, meli kpli wò, makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi la, eye makplɔ wò nàgbɔ ava anyigba sia dzi dedie. Manɔ kpli wò va se ɖe esime matsɔ nu siwo katã ŋugbe medo na wò la ana wò.”
Listen! I am with you and will take care of you wherever you go. I will bring you back to this country. I won't leave you because I'm going to do what I've promised you.”
16 Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.”
When Jacob woke up he said to himself, “The Lord is right here, in this place, and I didn't realize it!”
17 Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.”
He became frightened and said, “This is a scary place! It must be the house of God and the entrance to heaven.”
18 Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi.
When Jacob got up in the morning he took the stone he'd put under his head and set it upright as a stone pillar and poured some olive oil on it.
19 Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz.
He named the place “Bethel,” (previously it was called Luz).
20 Yakob ɖe adzɔgbe na Mawu be, “Ne Mawu ave nunye, akpɔ tanye le nye mɔzɔzɔ sia me, ana nuɖuɖu kple nutatam,
Jacob also made a solemn promise, saying, “God, if you will be with me, and take care of me on my journey, and give me food to eat and clothes to wear
21 eye wòakplɔm magbɔ ava fofonye gbɔ dedie la, ekema matia Yehowa abe nye Mawu ene!
so I can return safely to my father's home, then you Lord will be my God.
22 Ŋkuɖodzikpe sia azu mawusubɔƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò!”
This stone pillar that I've set up will be the house of God, and I will give you one tenth of all you give me.”

< Mose 1 28 >