< Mose 1 27 >
1 Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.”
Isaac was old and going blind. He called for Esau, his oldest son, and said, “My son.” “I'm here,” Esau replied.
2 Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi.
“I'm old now,” said Isaac, “I may die soon, who knows?
3 Tsɔ wò da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu lã aɖe tsɔ gbɔe.
So please take your bow and arrows and go hunting in the countryside for some meat for me.
4 Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe vɛ nam maɖu, be mayra wò, vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku.”
Make me that tasty food that I love and bring it to me to eat, so I can bless you before I die.”
5 Ke Rebeka fi nya si Isak gblɔ na via Esau la se. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeadi lã aɖe awu la,
Rebekah heard what Isaac told his son Esau. So when Esau left to go hunting in the countryside for wild game,
6 Rebeka yɔ via Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Mese fofowò gblɔ na nɔviwò be,
Rebekah told her son Jacob, “Listen! I heard your father tell your brother,
7 ‘Di adelã nàɖa nui nam maɖu, eye mayra wò le Yehowa ŋkume hafi maku.’”
‘Get me some wild game and make me some tasty food so I can eat it and then bless you in the presence of the Lord before I die.’
8 Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu.
Now then, my son, listen to me and do exactly what I tell you.
9 Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la vɛ nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la nɛ.
Go to the flock and bring me two nice young goats. I'll cook them and make the tasty food your father loves.
10 Àtsɔ nuɖuɖu la ayi na fofowò wòaɖu. Ne eɖui vɔ la, ayra wò boŋ ɖe fowò Esau teƒe hafi aku.”
Then you take it to your father to eat, so he can bless you in the presence of the Lord before he dies.”
11 Ke Yakob gblɔ na dadaa be, “Enyo pɛ, gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃.
“But listen,” Jacob replied to his mother Rebekah, “my brother Esau is a hairy man, and I'm a smooth man.
12 Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado lã ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!”
Maybe my father will notice when he touches me. Then it will look like I'm deceiving him and I'll bring a curse down on myself instead of a blessing.”
13 Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.”
“Let the curse fall on me, my son,” his mother replied. “Just do what I tell you. Go and get the young goats for me.”
14 Ale Yakob zɔ ɖe dadaa ƒe ɖoɖowo dzi. Ewu gbɔ̃awo, ko wo nyuie, eye dadaa tsɔ lã la ɖa nu si vivia Isak nu.
So Jacob went and got them and took them to his mother, and she made some tasty food, the way his father loved.
15 Le esia megbe la, Rebeka tsɔ Esau ƒe awu nyuitɔwo, eye wòna Yakob do wo.
Then Rebekah went and got her older son Esau's best clothes that she had at home and put them on Jacob her younger son.
16 Etsɔ gbɔ̃awo ƒe agbalẽwo wɔ asiwuiwo, eye wòtsɔ gbɔ̃gbalẽ la ƒe ɖe wɔ kawo tsi ɖe asiwuiawo ŋu heku kɔ na Yakob.
She put the goatskins on his hands and on the smooth part of his neck.
17 Etsɔ lã si nɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la nɛ.
Then she handed her son Jacob the tasty food and the bread she'd made.
18 Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, “Fofonye.” Eɖo eŋu bena, “Nyee nye si, vinye kae nye ema?”
He went in to see his father, and called out, “My father, I'm here.” “Which son are you?” Isaac asked.
19 Yakob ɖo eŋu be, “Nye Esau, viwò tsitsitɔe. Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ la. Nuɖuɖu nyui si nèdi lae nye esi. Fɔ nàɖui eye nàyram.”
“It's me Esau, your firstborn son,” Jacob told his father. “I did what you told me. So please sit up and eat some of my wild game meat so you can bless me.”
20 Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.”
“How did you find an animal so fast, my son?” Isaac asked. “Because the Lord your God sent it my way,” Jacob replied.
21 Isak gblɔ na Yakob be, “Te ɖe ŋunye. Medi be mali asi ŋuwò, ale be maka ɖe edzi be Esau tututue!”
“Come over here so I can touch you, my son,” Isaac told Jacob, “so I can tell if you're really my son Esau or not.”
22 Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, “Gbe la nye Yakob tɔ, gake asiawo nye Esau tɔ!”
Jacob went over to his father Isaac, who touched him and said, “It's Jacob's voice but Esau's hands.”
23 Isak di be yeayra Yakob, gake egabia be,
Isaac didn't realize it was really Jacob because his hands were hairy like his brother Esau's, so Isaac got ready to bless him.
24 “Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!”
“It's really you, my son Esau?” he asked again. “Yes, it's me,” Jacob replied.
25 Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la.
Then he said, “My son, bring me some of your wild game to eat, so that I may give you my blessing.” Jacob brought some for him to eat, as well as some wine for him to drink.
26 Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!”
Afterwards he said to Isaac, “Come here and kiss me, my son.”
27 Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene.
So Jacob went over and kissed him, and Isaac could smell the clothes Jacob was wearing. So he went ahead with the blessing, saying to himself, “See—the smell of my son is like the smell of a field that the Lord has blessed.”
28 Mawu nana dziƒozãmu nadza ɖe wò nukuwo dzi ɣe sia ɣi, eye wòana bli kple wain yeye nasɔ gbɔ na wò.
“May God use the dew of heaven and fertile land to give you rich harvests of grain and new wine!
29 Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”
May the people of different nations serve you and bow down to you. May you rule over your relatives, and may they bow down to you. May everyone who curses you be cursed, and may everyone who bless you be blessed.”
30 Esi Isak yra Yakob vɔ teti, eye Yakob do go le fofoa ƒe xɔ me la, Esau gbɔ tso adegbea.
After Isaac finished blessing Jacob—in fact Jacob had just left his father—Esau returned from his hunting trip.
31 Eya hã ɖa nu si fofoa lɔ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi nɛ. Esau gblɔ be, “Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la vɛ na wò. Fɔ nàɖu nua, eye nàyram!”
He had also made some tasty food, and took it to his father. Esau said to Isaac, “Sit up, my father, and eat some of my wild game so you can bless me.”
32 Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!”
“Who are you?” Isaac asked him. “I'm your son, your firstborn son, Esau,” he replied.
33 Isak de asi ƒoƒo me kpakpakpa. Egblɔ be, “Ekema ame kae tsɔ nuɖuɖu vɛ nam fifi laa meɖu, eye meyrae kple yayra si womagate ŋu aɖe ɖa o la?”
Isaac started to shake all over and asked, “So who was it who went hunting game and then brought it to me? I ate it all before you came back and I blessed him. His blessing will remain.”
34 Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, “Oo fofonye, yram! Yra nye hã!”
When Esau heard his father's words, he cried out in great anger and bitterness, and pleaded with his father, “Please bless me too, my father!”
35 Isak ɖo eŋu be, “Nɔviwò va flum, eye wòxɔ wò yayra.”
But Isaac replied, “You brother came and deceived me—he stole your blessing!”
36 Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?”
“Isn't he well named—Jacob the deceiver!” said Esau. “He's deceived me twice. First he took my birthright, and now he's stolen my blessing! Haven't you kept a blessing for me?”
37 Isak ɖo eŋu gblɔ be, “Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain hã nɛ. Nu kae gali matsɔ ana wò.”
Isaac replied to Esau. “I have made him ruler over you, and have said that all his relatives will be his servants. I have declared that he will be well supplied with grain and new wine. So what is left that I can do for you, my son?”
38 Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o.
“Do you only have one blessing, my father?” Esau asked. “Please bless me too!” Then Esau began to cry very loudly.
39 Mlɔeba la, Isak gblɔ na Esau be, “Manɔ anyigba wɔnuku aɖeke dzi o, eye zãmu hã madza na wò akpɔ o.
Then his father Isaac declared, “Listen! You will live far away from fertile land, far from the dew of heaven that falls from above.
40 Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.”
You will make a living by using your sword, and you will be your brother's servant. But when you rebel, you will throw off his yoke from your neck.”
41 Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.”
From then on Esau hated Jacob because of his father's blessing. Esau said to himself, “Soon the time will come when I'll mourn my father's death. Then I'll kill my brother Jacob!”
42 Ke ame aɖe va nya nu tso Esau ƒe tameɖoɖo ŋu, eye wòɖo afɔ afɔta na Rebeka. Eya ta Rebeka yɔ Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Esau le nugbe ɖom ɖe wò agbe ŋuti.”
However, Rebekah found out what Esau was saying, so she sent for Jacob. “Look,” she told him, “your brother Esau is making himself feel better by making plans to kill you.
43 Rebeka yi edzi be, “Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran.
So, my son, listen carefully to what I tell you. Leave immediately and go to my brother Laban in Haram.
44 Nɔ afi ma va se ɖe esime nɔviwò ƒe dɔmedzoe nu nafa,
Stay with him for a while until your brother's anger cools down.
45 eye wòaŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be. Ekema maɖo du ɖe wò, elabena manyo be mi ame evea siaa miabu ɖem gbe ɖeka o.”
Once he's cooled down and forgets what you did to him, I'll send for you to come back. Why should I lose both of you in a single day?”
46 Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.”
Then Rebekah went and told Isaac, “I'm so sick of these Hittite women—they're ruining my life! If Jacob also marries a Hittite woman like them, one of the local people, I'd rather die!”