< Mose 1 26 >

1 Dɔ gã aɖe to ɖe anyigba la dzi abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi Gerar, afi si Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia nɔ.
There was a famine in the land, besides the first famine that was in the days of Abraham. Isaac went to Abimelech king of the Philistines, to Gerar.
2 Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o.
And God appeared to him, and said, "Do not go down into Egypt. Live in the land I will tell you about.
3 Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene.
Sojourn in this land, and I will be with you, and will bless you. For to you, and to your descendants, I will give all these lands, and I will establish the oath which I swore to Abraham your father.
4 Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me.
I will multiply your descendants as the stars of the sky, and will give to your descendants all these lands, and by your descendants will all the nations of the earth be blessed,
5 Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.”
because Abraham obeyed my voice, and kept my requirements, my commandments, my statutes, and my laws."
6 Eya ta Isak nɔ Gerar.
So Isaac settled in Gerar.
7 Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ.
The men of the place asked him about his wife. He said, "She is my sister," for he was afraid to say, "My wife," lest, he thought, "the men of the place might kill me for Rebekah, because she is beautiful to look at."
8 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem.
It happened, when he had been there a long time, that Abimelech king of the Philistines looked out at a window, and saw, and look, Isaac was caressing Rebekah, his wife.
9 Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.”
Abimelech called Isaac, and said, "Look, surely she is your wife. Why did you say, 'She is my sister?'" Isaac said to him, "Because I thought, 'Lest I die because of her.'"
10 Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.”
Abimelech said, "What is this you have done to us? One of the people might easily have slept with your wife, and you would have brought guilt on us."
11 Abimelek ɖe gbeƒã be, “Ame sia ame si awɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ame sia alo srɔ̃a ŋu la aku.”
Abimelech commanded all the people, saying, "He who touches this man or his wife will surely be put to death."
12 Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae.
Isaac sowed in that land, and reaped in the same year one hundred times what he planted. And God blessed him.
13 Ezu kesinɔtɔ gã aɖe, eye eƒe kesinɔnuwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko.
The man became wealthy, and prospered more and more until he became very wealthy.
14 Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me.
He had possessions of flocks, possessions of herds, and a great household. The Philistines envied him.
15 Woxe eƒe vudo siwo katã fofoa Abraham ƒe subɔlawo ɖe la.
Now all the wells which his father's servants had dug in the days of Abraham his father, the Philistines had stopped, and filled with earth.
16 Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.”
Abimelech said to Isaac, "Go from us, for you are much mightier than we."
17 Ale Isak ʋu yi Gerar ƒe balime, eye wònɔ afi ma koŋ.
Isaac departed from there, camped in the valley of Gerar, and lived there.
18 Isak gbugbɔ fofoa Abraham ƒe vudo siwo Filistitɔwo xe le fofoa ƒe ku megbe la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo.
Isaac dug again the wells which the servants of his father Abraham had dug. For the Philistines had stopped them after the death of Abraham. And he called their names after the names by which his father had called them.
19 Eƒe alẽkplɔlawo hã ɖe vudo yeye aɖe ɖe Gerar ƒe balime, eye woke ɖe tsi dzidzi ŋu le anyigba ƒe tume.
Isaac's servants dug in the valley, and found there a well of flowing water.
20 Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.”
The herdsmen of Gerar argued with Isaac's herdsmen, saying, "The water is ours." He called the name of the well Esek, because they contended with him.
21 Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.”
They dug another well, and they argued over that, also. He called its name Sitnah.
22 Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.”
He left that place, and dug another well. They did not argue over that one. He called it Rehoboth. He said, "For now God has made room for us, and we will be fruitful in the land."
23 Esi wòyi Beerseba la,
He went up from there to Beersheba.
24 Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.”
And God appeared to him the same night, and said, "I am the God of Abraham your father. Do not be afraid, for I am with you, and will bless you, and multiply your descendants for my servant Abraham's sake."
25 Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi.
He built an altar there, and called on the name of the LORD, and pitched his tent there. There Isaac's servants dug a well.
26 Gbe ɖeka la, Isak xɔ amedzro aɖewo tso Gerar. Ame siawo nye Fia Abimelek kple eƒe aɖaŋudela Ahuzat kple eƒe aʋafia Pixol.
Then Abimelech went to him from Gerar, and Ahuzzath his friend, and Phicol the commander of his army.
27 Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.”
Isaac said to them, "Why have you come to me, since you hate me, and have sent me away from you?"
28 Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome.
They said, "We saw plainly that God was with you. We said, 'Let there now be an oath between us, even between us and you, and let us make a covenant with you,
29 Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.”
that you will do us no harm, as we have not touched you, and as we have done to you nothing but good, and have sent you away in peace.' You are now the blessed of God."
30 Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene.
He made them a feast, and they ate and drank.
31 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, woka atam na wo nɔewo be yewomatsi tsitre ɖe yewo nɔewo ŋu o. Emegbe Isak do mɔ wo, eye wodzo yi aƒe kple dzidzɔ.
They rose up some time in the morning, and swore an oath to each other. Isaac sent them away, and they departed from him in peace.
32 Gbe ma gbe ke Isak ƒe subɔlawo va gblɔ nɛ be, “Míeke ɖe tsi ŋu le vudo si ɖem míele la me.”
It happened the same day, that Isaac's servants came, and told him concerning the well which they had dug, and said to him, "We have found water."
33 Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe.
He called it Shibah. Therefore the name of the city is Beersheba to this day.
34 Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat.
When Esau was forty years old, he married Judith, the daughter of Beeri the Hethite, and Basemath, the daughter of Elon the Hethite.
35 Ke Isak kple Rebeka mekpɔ dzidzɔ le Esau ƒe srɔ̃ siawo ɖeɖe ŋu o.
They brought grief to Isaac and Rebekah.

< Mose 1 26 >