< Mose 1 23 >

1 Sara tsi xɔ ƒe alafa ɖeka blaeve-vɔ-adre.
ויהיו חיי שרה מאה שנה ועשרים שנה ושבע שנים--שני חיי שרה
2 Eku le Kiriat Arba (si nye Hebron) le Kanaanyigba dzi. Abraham yi be yeafa konyi, eye yeafa avi nɛ.
ותמת שרה בקרית ארבע הוא חברון--בארץ כנען ויבא אברהם לספד לשרה ולבכתה
3 Esime wòtsi tsitre ɖe srɔ̃a kukua gbɔ la, egblɔ na Hititɔwo be,
ויקם אברהם מעל פני מתו וידבר אל בני חת לאמר
4 “Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”
גר ותושב אנכי עמכם תנו לי אחזת קבר עמכם ואקברה מתי מלפני
5 Hititɔ la ɖo eŋu na Abraham be,
ויענו בני חת את אברהם לאמר לו
6 “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.”
שמענו אדני נשיא אלהים אתה בתוכנו--במבחר קברינו קבר את מתך איש ממנו את קברו לא יכלה ממך מקבר מתך
7 Abraham tsi tsitre, eye wòde ta agu na Hititɔwo hegblɔ be,
ויקם אברהם וישתחו לעם הארץ לבני חת
8 “Zi ale si wònye nenema miedii ko la, mive nunye, miaɖe kuku na Efrɔn, Zoha ƒe vi nam
וידבר אתם לאמר אם יש את נפשכם לקבר את מתי מלפני--שמעוני ופגעו לי בעפרון בן צחר
9 be wòadzra eƒe kpeto Makpela si le eƒe anyigba ƒe seƒe lɔƒo la nam. Maxe ga home si dzi míalɔ̃ ɖo la katã nɛ, eye wòazu ameɖiƒe na ƒonyemetɔwo tegbee.”
ויתן לי את מערת המכפלה אשר לו אשר בקצה שדהו בכסף מלא יתננה לי בתוככם--לאחזת קבר
10 Efrɔn nɔ ameawo dome. Eƒo nu, ɖo Abraham ƒe nya la ŋu le Hititɔwo katã ŋkume. Egblɔ na Abraham be,
ועפרון ישב בתוך בני חת ויען עפרון החתי את אברהם באזני בני חת לכל באי שער עירו לאמר
11 “Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.”
לא אדני שמעני--השדה נתתי לך והמערה אשר בו לך נתתיה לעיני בני עמי נתתיה לך קבר מתך
12 Abraham gade ta agu na Hititɔwo,
וישתחו אברהם לפני עם הארץ
13 eye wòɖo nya la ŋu na Efrɔn esime ame sia ame nɔ to dzi be, “Ao, na maƒlee ko. Na maxe ga home si anyigba la xɔ la, ekema maɖi nye ame kukuwo ɖe edzi.”
וידבר אל עפרון באזני עם הארץ לאמר אך אם אתה לו שמעני נתתי כסף השדה קח ממני ואקברה את מתי שמה
14 Efrɔn ɖo eŋu na Abraham be,
ויען עפרון את אברהם לאמר לו
15 “Ɖo tom, nye aƒetɔ; anyigba la ƒe asie nye klosalo kilogram atɔ̃. Ke nu kae nye ga home ma le nye kple wò dome? Ɖi wò ame kuku.”
אדני שמעני ארץ ארבע מאת שקל כסף ביני ובינך מה הוא ואת מתך קבר
16 Abraham lɔ̃ ɖe klosalo kilogram atɔ̃ si Efrɔn bia le Hititɔwo dome la dzi, eye wòxee nɛ.
וישמע אברהם אל עפרון וישקל אברהם לעפרן את הכסף אשר דבר באזני בני חת--ארבע מאות שקל כסף עבר לסחר
17 Ale Efrɔn ƒe anyigba si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, anyigba la kple kpeto si le eme la siaa kple ati siwo le anyigba la ƒe liƒowo me la trɔ zu
ויקם שדה עפרון אשר במכפלה אשר לפני ממרא השדה והמערה אשר בו וכל העץ אשר בשדה אשר בכל גבלו סביב
18 Abraham tɔ le Hititɔ siwo va du la ƒe agbo nu la katã ƒe ŋkume.
לאברהם למקנה לעיני בני חת בכל באי שער עירו
19 Emegbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu la me. Teƒe sia le Hebron le Kanaanyigba dzi.
ואחרי כן קבר אברהם את שרה אשתו אל מערת שדה המכפלה על פני ממרא--הוא חברון בארץ כנען
20 Ale Hititɔwo wɔ agbalẽ ɖe anyigba la kple kpeto si le edzi la dzi na Abraham be wòanye eƒe ameɖiƒe.
ויקם השדה והמערה אשר בו לאברהם--לאחזת קבר מאת בני חת

< Mose 1 23 >