< Mose 1 21 >
1 Azɔ Yehowa ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi na Sara.
καὶ κύριος ἐπεσκέψατο τὴν Σαρραν καθὰ εἶπεν καὶ ἐποίησεν κύριος τῇ Σαρρα καθὰ ἐλάλησεν
2 Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi.
καὶ συλλαβοῦσα ἔτεκεν Σαρρα τῷ Αβρααμ υἱὸν εἰς τὸ γῆρας εἰς τὸν καιρόν καθὰ ἐλάλησεν αὐτῷ κύριος
3 Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.”
καὶ ἐκάλεσεν Αβρααμ τὸ ὄνομα τοῦ υἱοῦ αὐτοῦ τοῦ γενομένου αὐτῷ ὃν ἔτεκεν αὐτῷ Σαρρα Ισαακ
4 Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
περιέτεμεν δὲ Αβρααμ τὸν Ισαακ τῇ ὀγδόῃ ἡμέρᾳ καθὰ ἐνετείλατο αὐτῷ ὁ θεός
5 Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ.
Αβρααμ δὲ ἦν ἑκατὸν ἐτῶν ἡνίκα ἐγένετο αὐτῷ Ισαακ ὁ υἱὸς αὐτοῦ
6 Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim.
εἶπεν δὲ Σαρρα γέλωτά μοι ἐποίησεν κύριος ὃς γὰρ ἂν ἀκούσῃ συγχαρεῖταί μοι
7 Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!”
καὶ εἶπεν τίς ἀναγγελεῖ τῷ Αβρααμ ὅτι θηλάζει παιδίον Σαρρα ὅτι ἔτεκον υἱὸν ἐν τῷ γήρει μου
8 Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi.
καὶ ηὐξήθη τὸ παιδίον καὶ ἀπεγαλακτίσθη καὶ ἐποίησεν Αβρααμ δοχὴν μεγάλην ᾗ ἡμέρᾳ ἀπεγαλακτίσθη Ισαακ ὁ υἱὸς αὐτοῦ
9 Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la,
ἰδοῦσα δὲ Σαρρα τὸν υἱὸν Αγαρ τῆς Αἰγυπτίας ὃς ἐγένετο τῷ Αβρααμ παίζοντα μετὰ Ισαακ τοῦ υἱοῦ αὐτῆς
10 egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.”
καὶ εἶπεν τῷ Αβρααμ ἔκβαλε τὴν παιδίσκην ταύτην καὶ τὸν υἱὸν αὐτῆς οὐ γὰρ κληρονομήσει ὁ υἱὸς τῆς παιδίσκης ταύτης μετὰ τοῦ υἱοῦ μου Ισαακ
11 Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã.
σκληρὸν δὲ ἐφάνη τὸ ῥῆμα σφόδρα ἐναντίον Αβρααμ περὶ τοῦ υἱοῦ αὐτοῦ
12 Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.
εἶπεν δὲ ὁ θεὸς τῷ Αβρααμ μὴ σκληρὸν ἔστω τὸ ῥῆμα ἐναντίον σου περὶ τοῦ παιδίου καὶ περὶ τῆς παιδίσκης πάντα ὅσα ἐὰν εἴπῃ σοι Σαρρα ἄκουε τῆς φωνῆς αὐτῆς ὅτι ἐν Ισαακ κληθήσεταί σοι σπέρμα
13 Ke mana nyɔnu kosivi ƒe vi la hã ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe, elabena viwò eya hã nye.”
καὶ τὸν υἱὸν δὲ τῆς παιδίσκης ταύτης εἰς ἔθνος μέγα ποιήσω αὐτόν ὅτι σπέρμα σόν ἐστιν
14 Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.
ἀνέστη δὲ Αβρααμ τὸ πρωὶ καὶ ἔλαβεν ἄρτους καὶ ἀσκὸν ὕδατος καὶ ἔδωκεν Αγαρ καὶ ἐπέθηκεν ἐπὶ τὸν ὦμον καὶ τὸ παιδίον καὶ ἀπέστειλεν αὐτήν ἀπελθοῦσα δὲ ἐπλανᾶτο τὴν ἔρημον κατὰ τὸ φρέαρ τοῦ ὅρκου
15 Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te,
ἐξέλιπεν δὲ τὸ ὕδωρ ἐκ τοῦ ἀσκοῦ καὶ ἔρριψεν τὸ παιδίον ὑποκάτω μιᾶς ἐλάτης
16 eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe.
ἀπελθοῦσα δὲ ἐκάθητο ἀπέναντι αὐτοῦ μακρόθεν ὡσεὶ τόξου βολήν εἶπεν γάρ οὐ μὴ ἴδω τὸν θάνατον τοῦ παιδίου μου καὶ ἐκάθισεν ἀπέναντι αὐτοῦ ἀναβοῆσαν δὲ τὸ παιδίον ἔκλαυσεν
17 Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la.
εἰσήκουσεν δὲ ὁ θεὸς τῆς φωνῆς τοῦ παιδίου ἐκ τοῦ τόπου οὗ ἦν καὶ ἐκάλεσεν ἄγγελος τοῦ θεοῦ τὴν Αγαρ ἐκ τοῦ οὐρανοῦ καὶ εἶπεν αὐτῇ τί ἐστιν Αγαρ μὴ φοβοῦ ἐπακήκοεν γὰρ ὁ θεὸς τῆς φωνῆς τοῦ παιδίου σου ἐκ τοῦ τόπου οὗ ἐστιν
18 Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.”
ἀνάστηθι λαβὲ τὸ παιδίον καὶ κράτησον τῇ χειρί σου αὐτό εἰς γὰρ ἔθνος μέγα ποιήσω αὐτόν
19 Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno.
καὶ ἀνέῳξεν ὁ θεὸς τοὺς ὀφθαλμοὺς αὐτῆς καὶ εἶδεν φρέαρ ὕδατος ζῶντος καὶ ἐπορεύθη καὶ ἔπλησεν τὸν ἀσκὸν ὕδατος καὶ ἐπότισεν τὸ παιδίον
20 Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala.
καὶ ἦν ὁ θεὸς μετὰ τοῦ παιδίου καὶ ηὐξήθη καὶ κατῴκησεν ἐν τῇ ἐρήμῳ ἐγένετο δὲ τοξότης
21 Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte.
καὶ κατῴκησεν ἐν τῇ ἐρήμῳ τῇ Φαραν καὶ ἔλαβεν αὐτῷ ἡ μήτηρ γυναῖκα ἐκ γῆς Αἰγύπτου
22 Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me.
ἐγένετο δὲ ἐν τῷ καιρῷ ἐκείνῳ καὶ εἶπεν Αβιμελεχ καὶ Οχοζαθ ὁ νυμφαγωγὸς αὐτοῦ καὶ Φικολ ὁ ἀρχιστράτηγος τῆς δυνάμεως αὐτοῦ πρὸς Αβρααμ λέγων ὁ θεὸς μετὰ σοῦ ἐν πᾶσιν οἷς ἐὰν ποιῇς
23 Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene.”
νῦν οὖν ὄμοσόν μοι τὸν θεὸν μὴ ἀδικήσειν με μηδὲ τὸ σπέρμα μου μηδὲ τὸ ὄνομά μου ἀλλὰ κατὰ τὴν δικαιοσύνην ἣν ἐποίησα μετὰ σοῦ ποιήσεις μετ’ ἐμοῦ καὶ τῇ γῇ ᾗ σὺ παρῴκησας ἐν αὐτῇ
24 Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!”
καὶ εἶπεν Αβρααμ ἐγὼ ὀμοῦμαι
25 Abraham na nutsotso fia Abimelek tso ale si fia la ƒe subɔlawo xɔ vudo aɖe le eƒe subɔlawo si sesẽtɔe la ŋuti.
καὶ ἤλεγξεν Αβρααμ τὸν Αβιμελεχ περὶ τῶν φρεάτων τοῦ ὕδατος ὧν ἀφείλαντο οἱ παῖδες τοῦ Αβιμελεχ
26 Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?”
καὶ εἶπεν αὐτῷ Αβιμελεχ οὐκ ἔγνων τίς ἐποίησεν τὸ πρᾶγμα τοῦτο οὐδὲ σύ μοι ἀπήγγειλας οὐδὲ ἐγὼ ἤκουσα ἀλλ’ ἢ σήμερον
27 Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Fia Abimelek abe vɔsa ene hetsɔ ɖo kpe woƒe nubabla la dzi.
καὶ ἔλαβεν Αβρααμ πρόβατα καὶ μόσχους καὶ ἔδωκεν τῷ Αβιμελεχ καὶ διέθεντο ἀμφότεροι διαθήκην
28 Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga,
καὶ ἔστησεν Αβρααμ ἑπτὰ ἀμνάδας προβάτων μόνας
29 eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?”
καὶ εἶπεν Αβιμελεχ τῷ Αβρααμ τί εἰσιν αἱ ἑπτὰ ἀμνάδες τῶν προβάτων τούτων ἃς ἔστησας μόνας
30 Abraham ɖo eŋu be, “Esiae nye nye nunana na wò be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia.”
καὶ εἶπεν Αβρααμ ὅτι τὰς ἑπτὰ ἀμνάδας ταύτας λήμψῃ παρ’ ἐμοῦ ἵνα ὦσίν μοι εἰς μαρτύριον ὅτι ἐγὼ ὤρυξα τὸ φρέαρ τοῦτο
31 Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le.
διὰ τοῦτο ἐπωνόμασεν τὸ ὄνομα τοῦ τόπου ἐκείνου Φρέαρ ὁρκισμοῦ ὅτι ἐκεῖ ὤμοσαν ἀμφότεροι
32 Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe.
καὶ διέθεντο διαθήκην ἐν τῷ φρέατι τοῦ ὅρκου ἀνέστη δὲ Αβιμελεχ καὶ Οχοζαθ ὁ νυμφαγωγὸς αὐτοῦ καὶ Φικολ ὁ ἀρχιστράτηγος τῆς δυνάμεως αὐτοῦ καὶ ἐπέστρεψαν εἰς τὴν γῆν τῶν Φυλιστιιμ
33 Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me.
καὶ ἐφύτευσεν Αβρααμ ἄρουραν ἐπὶ τῷ φρέατι τοῦ ὅρκου καὶ ἐπεκαλέσατο ἐκεῖ τὸ ὄνομα κυρίου θεὸς αἰώνιος
34 Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe.
παρῴκησεν δὲ Αβρααμ ἐν τῇ γῇ τῶν Φυλιστιιμ ἡμέρας πολλάς