< Mose 1 20 >

1 Azɔ Abraham ʋu tso Negeb yi dziehe lɔƒo, eye wòyi ɖanɔ Kades kple Sur dome. Gbe ɖeka esi wòɖi tsa yi Gerar du me la,
Abraham advanced from there into the southern land, and he lived between Kadesh and Shur. And he sojourned in Gerar.
2 egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara! Gerar fia Abimelek na wokplɔ Sara vɛ nɛ le eƒe fiasã me.
And he said about his wife Sarah: “She is my sister.” Therefore, Abimelech, the king of Gerar, sent for her and took her.
3 Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.”
Then God came to Abimelech through a dream in the night, and he said to him: “Lo, you shall die because of the woman that you have taken. For she has a husband.”
4 Ke Abimelek medɔ Sara gbɔ haɖe o, eya ta wògblɔ be, “Aƒetɔ, ɖe nàwu ame dzɔdzɔea?
In truth, Abimelech had not touched her, and so he said: “Lord, would you put to death a people, ignorant and just?
5 Abraham gblɔ nam be, ‘Nɔvinye nyɔnue,’ eye nyɔnu la hã gblɔ nam be, ‘Ɛ̃, nɔvinye ŋutsue.’ Nyemedi kura be mawɔ nu vɔ̃ o.”
Did he not say to me, ‘She is my sister,’ and did she not say, ‘He is my brother?’ In the sincerity of my heart and the purity of my hands, I have done this.”
6 Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.
And God said to him: “And I know that you have acted with a sincere heart. And therefore I kept you from sinning against me, and I did not release you to touch her.
7 Gbugbɔe ɖo ɖe srɔ̃a kaba! Srɔ̃a ado gbe ɖa ɖe tawò, elabena nyagblɔɖilae, ekema ànɔ agbe. Ke ne mèɖoe ɖe srɔ̃a o la, ekema nyae be mi kple aƒewòmetɔwo katã miaku.”
Now therefore, return his wife to the man, for he is a prophet. And he will pray for you, and you will live. But if you are not willing to return her, know this: you shall die a death, you and all that is yours.”
8 Fia Abimelek fɔ ŋdi kanya, yɔ eŋume veviwo katã ƒo ƒui, eye wòka nya la ta na wo. Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le ƒuƒoƒea.
And immediately Abimelech, rising up in the night, called all his servants. And he spoke all these words in their hearing, and all the men were very afraid.
9 Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.”
Then Abimelech called also for Abraham, and he said to him: “What have you done to us? How have we sinned against you, so that you would bring so great a sin upon me and upon my kingdom? You have done to us what you ought not to have done.”
10 Eye Abimelek bia Abraham be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?”
And remonstrating him again, he said, “What did you see, so that you would do this?”
11 Abraham ɖo eŋu be, “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Eme kɔ ƒãa be Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele afi sia o, eye woawum ɖe srɔ̃nye ta.’
Abraham responded: “I thought to myself, saying: Perhaps there is no fear of God in this place. And they will put me to death because of my wife.
12 Kpe ɖe esia ŋu la, nɔvinye nyɔnu tututue, fofonye vie, ke menye danye vie o, eye wònye srɔ̃nye hã.
Yet, in another way, she is also truly my sister, the daughter of my father, and not the daughter of my mother, and I took her as a wife.
13 Esi Mawu ɖo nam be maʋu le mía de la, megblɔ na srɔ̃nye be, ‘Afi sia afi si míaɖo la, ve nunye nàgblɔ be nɔvinye nyɔnue yenye.’”
Then, after God led me out of my father’s house, I said to her: ‘You will show this mercy to me. In every place, to which we will travel, you will say that I am your brother.’”
14 Fia Abimelek tsɔ alẽwo, nyiwo kple dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na Abraham, eye wògbugbɔ srɔ̃a, Sara, nɛ.
Therefore, Abimelech took sheep and oxen, and men servants and women servants, and he gave them to Abraham. And he returned his wife Sarah to him.
15 Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.”
And he said, “The land is in your sight. Dwell wherever it will please you.”
16 Emegbe la, etrɔ ɖe Sara ŋu gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, metsɔ klosalo akpe ɖeka na ‘nɔviwò ŋutsua’ be makpatae, eye maɖe ŋukpe ɖa le mo na wò le gbɔwòviwo katã ŋkume. Fifia dzɔdzɔenyenye va aƒe.”
Then to Sarah he said: “Behold, I have given your brother one thousand silver coins. This will be for you as a veil for your eyes, to all who are with you and wherever you will travel. And so, remember that you were taken.”
17 Abraham do gbe ɖa be Mawu nayɔ dɔ Abimelek srɔ̃ kple eƒe dɔlanyɔnuwo ale be woate ŋu adzi vi azɔ,
Then when Abraham prayed, God healed Abimelech and his wife, and his handmaids, and they gave birth.
18 elabena Yehowa xe woƒe vidzidɔwo be yeahe to na Abimelek ɖe ale si wòxɔ Abraham srɔ̃ Sara la ta.
For the Lord had closed every womb of the house of Abimelech, because of Sarah, the wife of Abraham.

< Mose 1 20 >