< Mose 1 2 >

1 Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu.
And the heaven and the earth and all things in them were complete.
2 Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.
And on the seventh day God came to the end of all his work; and on the seventh day he took his rest from all the work which he had done.
3 Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.
And God gave his blessing to the seventh day and made it holy: because on that day he took his rest from all the work which he had made and done.
4 Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.
These are the generations of the heaven and the earth when they were made.
5 Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o.
In the day when the Lord God made earth and heaven there were no plants of the field on the earth, and no grass had come up: for the Lord God had not sent rain on the earth and there was no man to do work on the land.
6 Gake tsi dzi tso anyigba ƒe tume le teƒe aɖewo, eye wòtsa le anyigba la dzi.
But a mist went up from the earth, watering all the face of the land.
7 Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.
And the Lord God made man from the dust of the earth, breathing into him the breath of life: and man became a living soul.
8 Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me.
And the Lord God made a garden in the east, in Eden; and there he put the man whom he had made.
9 Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.
And out of the earth the Lord made every tree to come, delighting the eye and good for food; and in the middle of the garden, the tree of life and the tree of the knowledge of good and evil.
10 Tɔsisi aɖe tso Eden ƒe anyigba dzi tsa to abɔ la me hede tsii. Tɔsisi la ma ɖe alɔdze ene me.
And a river went out of Eden giving water to the garden; and from there it was parted and became four streams.
11 Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le.
The name of the first is Pishon, which goes round about all the land of Havilah where there is gold.
12 (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.)
And the gold of that land is good: there is bdellium and the onyx stone.
13 Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi.
And the name of the second river is Gihon: this river goes round all the land of Cush.
14 Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la.
And the name of the third river is Tigris, which goes to the east of Assyria. And the fourth river is Euphrates.
15 Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene.
And the Lord God took the man and put him in the garden of Eden to do work in it and take care of it.
16 Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me,
And the Lord God gave the man orders, saying, You may freely take of the fruit of every tree of the garden:
17 gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.”
But of the fruit of the tree of the knowledge of good and evil you may not take; for on the day when you take of it, death will certainly come to you.
18 Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.”
And the Lord God said, It is not good for the man to be by himself: I will make one like himself as a help to him
19 Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ.
And from the earth the Lord God made every beast of the field and every bird of the air, and took them to the man to see what names he would give them: and whatever name he gave to any living thing, that was its name.
20 Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o.
And the man gave names to all cattle and to the birds of the air and to every beast of the field; but Adam had no one like himself as a help.
21 Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la.
And the Lord God sent a deep sleep on the man, and took one of the bones from his side while he was sleeping, joining up the flesh again in its place:
22 Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ.
And the bone which the Lord God had taken from the man he made into a woman, and took her to the man.
23 Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.”
And the man said, This is now bone of my bone and flesh of my flesh: let her name be Woman because she was taken out of Man.
24 Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.
For this cause will a man go away from his father and his mother and be joined to his wife; and they will be one flesh.
25 Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o.
And the man and his wife were without clothing, and they had no sense of shame.

< Mose 1 2 >