< Mose 1 18 >

1 Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu.
هنگامی که ابراهیم در بلوطستان ممری سکونت داشت، خداوند بار دیگر بر او ظاهر شد. شرح واقعه چنین است: ابراهیم در گرمای روز بر در خیمه خود نشسته بود.
2 Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.
ناگهان متوجه شد که سه مرد به طرفش می‌آیند. پس از جا برخاست و به استقبال آنها شتافت. ابراهیم رو به زمین نهاده،
3 Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o.
گفت: «ای سَروَرم، تمنا می‌کنم اندکی توقف کرده،
4 Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te,
در زیر سایه این درخت استراحت کنید. من می‌روم و برای شستن پاهای شما آب می‌آورم.
5 eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.”
لقمه نانی نیز خواهم آورد تا بخورید و قوت بگیرید و بتوانید به سفر خود ادامه دهید. شما میهمان من هستید.» آنها گفتند: «آنچه گفتی بکن.»
6 Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!”
آنگاه ابراهیم با شتاب به خیمه برگشت و به سارا گفت: «عجله کن! چند نان از بهترین آردی که داری بپز.»
7 Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake.
سپس خودش به طرف گله دویده، یک گوسالهٔ خوب گرفت و به نوکر خود داد تا هر چه زودتر آن را آماده کند.
8 Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum.
طولی نکشید که ابراهیم مقداری کره و شیر و کباب برای مهمانان خود آورد و جلوی آنها گذاشت و در حالی که آنها مشغول خوردن بودند، زیر درختی در کنار ایشان ایستاد.
9 Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.”
مهمانان از ابراهیم پرسیدند: «همسرت سارا کجاست؟» جواب داد: «او در خیمه است.»
10 Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem.
آنگاه یکی از ایشان گفت: «سال بعد در چنین زمانی نزد تو خواهم آمد و سارا پسری خواهد زایید!» (سارا پشت درِ خیمه ایستاده بود و به سخنان آنها گوش می‌داد.)
11 Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.
در آن وقت ابراهیم و سارا هر دو بسیار پیر بودند و دیگر از سارا گذشته بود که صاحب فرزندی شود.
12 Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?”
پس سارا در دل خود خندید و گفت: «آیا زنی به سن و سال من با چنین شوهر پیری می‌تواند بچه‌دار شود؟»
13 Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’
خداوند به ابراهیم گفت: «چرا سارا خندید و گفت:”آیا زنی به سن و سال من می‌تواند بچه‌دار شود؟“
14 Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.”
مگر کاری هست که برای خداوند مشکل باشد؟ همان‌طوری که به تو گفتم سال بعد، در چنین زمانی نزد تو خواهم آمد و سارا پسری خواهد زایید.»
15 Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”
اما سارا چون ترسیده بود، انکار نموده، گفت: «من نخندیدم!» گفت: «چرا خندیدی!»
16 Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa.
آنگاه آن سه مرد برخاستند تا به شهر سدوم بروند و ابراهیم نیز برخاست تا ایشان را بدرقه کند.
17 Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã?
اما خداوند گفت: «آیا نقشهٔ خود را از ابراهیم پنهان کنم؟
18 Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi.
حال آنکه از وی قومی بزرگ و قوی پدید خواهد آمد و همهٔ قومهای جهان از او برکت خواهند یافت.
19 Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”
من او را برگزیده‌ام تا فرزندان و اهل خانهٔ خود را تعلیم دهد که مرا اطاعت نموده، آنچه را که راست و درست است به جا آورند. اگر چنین کنند من نیز آنچه را که به او وعده داده‌ام، انجام خواهم داد.»
20 Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi.
پس خداوند به ابراهیم فرمود: «فریاد علیه ظلمِ مردم سدوم و عموره بلند شده است و گناهان ایشان بسیار زیاد گشته است.
21 Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ.”
پس به پایین می‌روم تا به فریادی که به گوش من رسیده است، رسیدگی کنم.»
22 Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume.
آنگاه آن دو نفر به جانب شهر سدوم روانه شدند، ولی خداوند نزد ابراهیم ماند.
23 Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua?
ابراهیم به او نزدیک شده، گفت: «خداوندا، آیا عادلان را با بدکاران با هم هلاک می‌کنی؟
24 Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa?
شاید پنجاه عادل در آن شهر باشند. آیا به خاطر آنها، از نابود کردن آنجا صرفنظر نخواهی کرد؟
25 Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”
یقین دارم که تو عادلان را با بدکاران هلاک نخواهی نمود. چطور ممکن است با عادلان و بدکاران یکسان رفتار کنی؟ آیا داور تمام جهان از روی عدل و انصاف داوری نخواهد کرد؟»
26 Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.”
خداوند در پاسخ ابراهیم فرمود: «اگر پنجاه عادل در شهر سدوم پیدا کنم، به خاطر آنها از نابود کردن آنجا صرفنظر خواهم کرد.»
27 Abraham gagblɔ be, “Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko.
ابراهیم باز عرض کرد: «به منِ ناچیز و خاکی اجازه بده جسارت کرده، بگویم که
28 Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.”
اگر در شهر سدوم فقط چهل و پنج عادل باشند، آیا برای پنج نفر کمتر، شهر را نابود خواهی کرد؟» خداوند فرمود: «اگر چهل و پنج نفر آدم درستکار در آنجا باشند، آن را از بین نخواهم برد.»
29 Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o.”
ابراهیم باز به سخنان خود ادامه داد و گفت: «شاید چهل نفر باشند!» خداوند فرمود: «اگر چهل نفر هم باشند آنجا را از بین نخواهم برد.»
30 Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.”
ابراهیم عرض کرد: «تمنا اینکه غضبناک نشوی و اجازه دهی سخن گویم. شاید در آنجا سی نفر پیدا کنی!» خداوند فرمود: «اگر سی نفر یافت شوند، من آنجا را از بین نخواهم برد.»
31 Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.”
ابراهیم عرض کرد: «جسارت مرا ببخش و اجازه بده بپرسم اگر بیست عادل در آنجا یافت شوند، آیا باز هم آنجا را نابود خواهی کرد؟» خداوند فرمود: «اگر بیست نفر هم باشند شهر را نابود نخواهم کرد.»
32 Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.”
ابراهیم بار دیگر عرض کرد: «خداوندا، غضبت افروخته نشود! این آخرین سؤال من است. شاید ده نفر عادل در آن شهر یافت شوند!» خداوند فرمود: «اگر چنانچه ده عادل نیز باشند، شهر را نابود نخواهم کرد.»
33 Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.
خداوند پس از پایان گفتگو با ابراهیم، از آنجا رفت و ابراهیم به خیمه‌اش بازگشت.

< Mose 1 18 >