< Mose 1 17 >

1 Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene.
亚伯兰年九十九岁的时候,耶和华向他显现,对他说:“我是全能的 神。你当在我面前作完全人,
2 Maɖo kpe nubabla si le nye kpli wò dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu.”
我就与你立约,使你的后裔极其繁多。”
3 Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be,
亚伯兰俯伏在地; 神又对他说:
4 “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.”
“我与你立约:你要作多国的父。
5 Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe.
从此以后,你的名不再叫亚伯兰,要叫亚伯拉罕,因为我已立你作多国的父。
6 Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome!
我必使你的后裔极其繁多;国度从你而立,君王从你而出。
7 “Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo.
我要与你并你世世代代的后裔坚立我的约,作永远的约,是要作你和你后裔的 神。
8 Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.”
我要将你现在寄居的地,就是迦南全地,赐给你和你的后裔永远为业,我也必作他们的 神。”
9 Eye Mawu gblɔ na Abraham be, “Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me.
神又对亚伯拉罕说:“你和你的后裔必世世代代遵守我的约。
10 Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome.
你们所有的男子都要受割礼;这就是我与你并你的后裔所立的约,是你们所当遵守的。
11 Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia.
你们都要受割礼;这是我与你们立约的证据。
12 Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã.
你们世世代代的男子,无论是家里生的,是在你后裔之外用银子从外人买的,生下来第八日,都要受割礼。
13 Ele be woatso aʋa na ame sia ame. Ele be woato mɔ sia nu ade dzesi miaƒe ŋutilã be mianye gomekpɔlawo le nye nubabla mavɔ la me.
你家里生的和你用银子买的,都必须受割礼。这样,我的约就立在你们肉体上作永远的约。
14 Woaɖe ame sia ame si metso aʋa o la ɖa le eƒe ƒometɔwo dome, elabena mewɔ nye nubabla la dzi o.”
但不受割礼的男子必从民中剪除,因他背了我的约。”
15 Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, ‘Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’
神又对亚伯拉罕说:“你的妻子撒莱不可再叫撒莱,她的名要叫撒拉。
16 Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.”
我必赐福给她,也要使你从她得一个儿子。我要赐福给她,她也要作多国之母;必有百姓的君王从她而出。”
17 Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”
亚伯拉罕就俯伏在地喜笑,心里说:“一百岁的人还能得孩子吗?撒拉已经九十岁了,还能生养吗?”
18 Abraham gblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!”
亚伯拉罕对 神说:“但愿以实玛利活在你面前。”
19 Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.
神说:“不然,你妻子撒拉要给你生一个儿子,你要给他起名叫以撒。我要与他坚定所立的约,作他后裔永远的约。
20 Melɔ̃ be mayra Ismael hã abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ gã aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome.
至于以实玛利,我也应允你:我必赐福给他,使他昌盛,极其繁多。他必生十二个族长;我也要使他成为大国。
21 Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.”
到明年这时节,撒拉必给你生以撒,我要与他坚定所立的约。”
22 Ale Abraham kple Mawu ƒe dzeɖoɖo wu enu, eye Mawu dzo.
神和亚伯拉罕说完了话,就离开他上升去了。
23 Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
正当那日,亚伯拉罕遵着 神的命,给他的儿子以实玛利和家里的一切男子,无论是在家里生的,是用银子买的,都行了割礼。
24 Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ,
亚伯拉罕受割礼的时候年九十九岁。
25 eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ.
他儿子以实玛利受割礼的时候年十三岁。
26 Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi.
正当那日,亚伯拉罕和他儿子以实玛利一同受了割礼。
27 Eye wotso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le Abraham ƒe aƒe me, ame si wodzi le eƒe aƒe me kple kluvi si woƒle le amedzro aɖe si siaa.
家里所有的人,无论是在家里生的,是用银子从外人买的,也都一同受了割礼。

< Mose 1 17 >