< Mose 1 16 >

1 Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar.
아브람의 아내 사래는 생산치 못하였고 그에게 한 여종이 있으니 애굽 사람이요 이름은 하갈이라
2 Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi.
사래가 아브람에게 이르되 여호와께서 나의 생산을 허락지 아니하셨으니 원컨대 나의 여종과 동침하라 내가 혹 그로 말미암아 자녀를 얻을까 하노라 하매 아브람이 사래의 말을 들으니라
3 Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a.
아브람의 아내 사래가 그 여종 애굽 사람 하갈을 가져 그 남편 아브람에게 첩으로 준 때는 아브람이 가나안 땅에 거한지 십 년 후이었더라
4 Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.
아브람이 하갈과 동침하였더니 하갈이 잉태하매 그가 자기의 잉태함을 깨닫고 그 여주인을 멸시한지라
5 Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”
사래가 아브람에게 이르되 나의 받는 욕은 당신이 받아야 옳도다 내가 나의 여종을 당신의 품에 두었거늘 그가 자기의 잉태함을 깨닫고 나를 멸시하니 당신과 나 사이에 여호와께서 판단하시기를 원하노라
6 Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo.
아브람이 사래에게 이르되 그대의 여종은 그대의 수중에 있으니 그대의 눈에 좋은 대로 그에게 행하라 하매 사래가 하갈을 학대하였더니 하갈이 사래의 앞에서 도망하였더라
7 Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi.
여호와의 사자가 광야의 샘 곁 곧 술 길 샘물 곁에서 그를 만나
8 Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”
가로되 사래의 여종 하갈아 네가 어디서 왔으며 어디로 가느냐 그가 가로되 나는 나의 여주인 사래를 피하여 도망하나이다
9 Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ,
여호와의 사자가 그에게 이르되 네 여주인에게로 돌아가서 그 수하에 복종하라
10 elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò.
여호와의 사자가 또 그에게 이르되 내가 네 자손으로 크게 번성하여 그 수가 많아 셀 수 없게 하리라
11 Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa.
여호와의 사자가 또 그에게 이르되 네가 잉태하였은즉 아들을 낳으리니 그 이름을 이스마엘이라 하라 이는 여호와께서 네 고통을 들으셨음이니라
12 Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.”
그가 사람 중에 들나귀 같이 되리니 그 손이 모든 사람을 치겠고 모든 사람의 손이 그를 칠지며 그가 모든 형제의 동방에서 살리라 하니라
13 Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”
하갈이 자기에게 이르신 여호와의 이름을 감찰하시는 하나님이라 하였으니 이는 내가 어떻게 여기서 나를 감찰하시는 하나님을 뵈었는고 함이라
14 Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome.
이러므로 그 샘을 브엘라해로이라 불렀으며 그것이 가데스와 베렛 사이에 있더라
15 Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael.
하갈이 아브람의 아들을 낳으매 아브람이 하갈의 낳은 그 아들을 이름하여 이스마엘이라 하였더라
16 Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ.
하갈이 아브람에게 이스마엘을 낳을 때에 아브람이 팔십육 세이었더라

< Mose 1 16 >