< Mose 1 15 >

1 Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”
After these things the LORD’s word came to Abram in a vision, saying, “Do not be afraid, Abram. I am your shield, your exceedingly great reward.”
2 Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?”
Abram said, “Lord GOD, what will you give me, since I go childless, and he who will inherit my estate is Eliezer of Damascus?”
3 Eye Abram gblɔ be, “Mèna vi aɖekem o, eya ta nye subɔlae anyi nye dome.”
Abram said, “Behold, you have given no children to me: and, behold, one born in my house is my heir.”
4 Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”
Behold, the LORD’s word came to him, saying, “This man will not be your heir, but he who will come out of your own body will be your heir.”
5 Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!”
The LORD brought him outside, and said, “Look now toward the sky, and count the stars, if you are able to count them.” He said to Abram, “So your offspring will be.”
6 Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ.
He believed in the LORD, who credited it to him for righteousness.
7 Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.”
He said to Abram, “I am the LORD who brought you out of Ur of the Chaldees, to give you this land to inherit it.”
8 Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?”
He said, “Lord GOD, how will I know that I will inherit it?”
9 Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.”
He said to him, “Bring me a heifer three years old, a female goat three years old, a ram three years old, a turtledove, and a young pigeon.”
10 Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o.
He brought him all these, and divided them in the middle, and laid each half opposite the other; but he did not divide the birds.
11 Esi akagawo va lãawo ɖu ge la, Abram nya wo.
The birds of prey came down on the carcasses, and Abram drove them away.
12 Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe.
When the sun was going down, a deep sleep fell on Abram. Now terror and great darkness fell on him.
13 Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ.
He said to Abram, “Know for sure that your offspring will live as foreigners in a land that is not theirs, and will serve them. They will afflict them four hundred years.
14 Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo.
I will also judge that nation, whom they will serve. Afterward they will come out with great wealth;
15 Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe.
but you will go to your fathers in peace. You will be buried at a good old age.
16 Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”
In the fourth generation they will come here again, for the iniquity of the Amorite is not yet full.”
17 Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom.
It came to pass that, when the sun went down, and it was dark, behold, a smoking furnace and a flaming torch passed between these pieces.
18 Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo.
In that day the LORD made a covenant with Abram, saying, “I have given this land to your offspring, from the river of Egypt to the great river, the river Euphrates:
19 Metsɔ dukɔ siawo hã na wò: Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo,
the land of the Kenites, the Kenizzites, the Kadmonites,
20 Hititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo,
the Hittites, the Perizzites, the Rephaim,
21 Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo.”
the Amorites, the Canaanites, the Girgashites, and the Jebusites.”

< Mose 1 15 >