< Mose 1 12 >
1 Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi.
上主對亞巴郎說:「離開你的故鄉、你的家族和父家,往我指給你的地方去。
2 Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo.
我要使你成為一個大民族,我必祝福你,使你成名,成為一個福源。
3 Mayra ame siwo ayra wò la, eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la. Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.”
我要祝福那祝福你的人,咒罵那咒罵你的人;地上萬民都要因你獲得祝福。」
4 Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran.
亞巴郎遂照上主的吩咐起了身,羅特也同他一起走了。亞巴郎離開哈蘭時,已七十五歲。
5 Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan.
他帶了妻子撒辣依、他兄弟的兒子羅特和他在哈蘭積蓄的財物,獲得的僕婢,一同往客納罕地去,終於到了客納罕地。
6 Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.
亞巴郎經過那地,直到了舍根地摩勒橡樹區;當時客納罕人尚住在那地方。
7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi.
上主顯現給亞巴郎說:「我要將這地方賜給你的後裔。」亞巴郎就在那裏給顯現於他的上主,築了一座祭壇。
8 Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.
從那裏又遷移到貝特耳東面山區,在那裏搭了帳幕,西有貝特耳,東有哈依;他在那裏又為上主築了一座祭壇,呼求上主的名。
9 Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb.
以後亞巴郎漸漸移往乃革布區。
10 Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte.
其時那地方起了饑荒,亞巴郎遂下到埃及,寄居在那裏,因為那地方飢荒十分嚴重。
11 Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ.
當他要進埃及時,對妻子撒辣依說:「我知道你是個貌美的女人;
12 Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’
埃及人見了你,必要說:這是他的妻子;他們定要殺我,讓你活著。
13 Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!”
所以請你說:你是我的妹妹,這樣我因了你而必獲優待,賴你的情面,保全我的生命。」
14 Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu.
果然,當亞巴郎一到了埃及,埃及人就注意了這女人實在美麗。
15 Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me.
法郎的朝臣也看見了她,就在法郎前讚她美麗;這女人就被帶入法郎的宮中。
16 Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta.
亞巴郎因了她果然蒙了優待,得了些牛羊、公驢、僕婢、母驢和駱駝。
17 Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesẽ aɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta.
但是,上主為了亞巴郎的妻子撒辣依的事,降下大難打擊了法郎和他全家。
18 Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo?
法郎遂叫亞巴郎來說:「你對我作的是什麼事﹖為什麼你沒有告訴我,她是你的妻子﹖
19 Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!”
為什麼你說:她是我的妹妹,以致我娶了她做我的妻子﹖現在你的妻子在這裏,你帶她去罷! 」
20 Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi.
法郎於是吩咐人送走了亞巴郎和他的妻子以及他所有的一切。