< Mose 1 11 >
1 Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko.
全地は同じ発音、同じ言葉であった。
2 Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o.
時に人々は東に移り、シナルの地に平野を得て、そこに住んだ。
3 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe.
彼らは互に言った、「さあ、れんがを造って、よく焼こう」。こうして彼らは石の代りに、れんがを得、しっくいの代りに、アスファルトを得た。
4 Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”
彼らはまた言った、「さあ、町と塔とを建てて、その頂を天に届かせよう。そしてわれわれは名を上げて、全地のおもてに散るのを免れよう」。
5 Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la,
時に主は下って、人の子たちの建てる町と塔とを見て、
6 egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o.
言われた、「民は一つで、みな同じ言葉である。彼らはすでにこの事をしはじめた。彼らがしようとする事は、もはや何事もとどめ得ないであろう。
7 Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!”
さあ、われわれは下って行って、そこで彼らの言葉を乱し、互に言葉が通じないようにしよう」。
8 Ale Yehowa ka wo katã hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Ale du la tsotso nu tso.
こうして主が彼らをそこから全地のおもてに散らされたので、彼らは町を建てるのをやめた。
9 Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.
これによってその町の名はバベルと呼ばれた。主がそこで全地の言葉を乱されたからである。主はそこから彼らを全地のおもてに散らされた。
10 Esiae nye Sem ƒe ŋutinya. eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad.
セムの系図は次のとおりである。セムは百歳になって洪水の二年の後にアルパクサデを生んだ。
11 Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
セムはアルパクサデを生んで後、五百年生きて、男子と女子を生んだ。
12 Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela.
アルパクサデは三十五歳になってシラを生んだ。
13 Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
アルパクサデはシラを生んで後、四百三年生きて、男子と女子を生んだ。
14 Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber,
シラは三十歳になってエベルを生んだ。
15 eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
シラはエベルを生んで後、四百三年生きて、男子と女子を生んだ。
16 Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg.
エベルは三十四歳になってペレグを生んだ。
17 Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
エベルはペレグを生んで後、四百三十年生きて、男子と女子を生んだ。
18 Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu.
ペレグは三十歳になってリウを生んだ。
19 Eye esi wòdzi Reu la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asiekɛ, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
ペレグはリウを生んで後、二百九年生きて、男子と女子を生んだ。
20 Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug.
リウは三十二歳になってセルグを生んだ。
21 Eye esi wòdzi Serug la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
リウはセルグを生んで後、二百七年生きて、男子と女子を生んだ。
22 Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor.
セルグは三十歳になってナホルを生んだ。
23 Eye esi wòdzi Nahor megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
セルグはナホルを生んで後、二百年生きて、男子と女子を生んだ。
24 Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera.
ナホルは二十九歳になってテラを生んだ。
25 Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo.
ナホルはテラを生んで後、百十九年生きて、男子と女子を生んだ。
26 Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran.
テラは七十歳になってアブラム、ナホルおよびハランを生んだ。
27 Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot.
テラの系図は次のとおりである。テラはアブラム、ナホルおよびハランを生み、ハランはロトを生んだ。
28 Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko.
ハランは父テラにさきだって、その生れた地、カルデヤのウルで死んだ。
29 Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska.
アブラムとナホルは妻をめとった。アブラムの妻の名はサライといい、ナホルの妻の名はミルカといってハランの娘である。ハランはミルカの父、またイスカの父である。
30 Ke Sarai medzi vi aɖeke o.
サライはうまずめで、子がなかった。
31 Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran.
テラはその子アブラムと、ハランの子である孫ロトと、子アブラムの妻である嫁サライとを連れて、カナンの地へ行こうとカルデヤのウルを出たが、ハランに着いてそこに住んだ。
32 Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃.
テラの年は二百五歳であった。テラはハランで死んだ。