< Mose 1 10 >

1 Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale:
ノアの子セム、ハム、ヤペテの傳は是なり洪水の後彼等に子等生れたり
2 Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
ヤペテの子はゴメル、マゴグ、マデア、ヤワン、トバル、メセク、テラスなり
3 Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma.
ゴメルの子はアシケナズ、リパテ、トガルマなり
4 Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.
ヤワンの子はエリシヤ、タルシシ、キツテムおよびドダニムなり
5 (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.)
是等より諸國の洲島の民は派分れ出て各其方言と其宗族と其邦國とに循ひて其地に住り
6 Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
ハムの子はクシ、ミツライム、フテおよびカナンなり
7 Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan.
クシの子はセバ、ハビラ、サブタ、ラアマ、サブテカなりラアマの子はシバおよびデダンなり
8 Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
クシ、ニムロデを生り彼始めて世の權力ある者となれり
9 Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.”
彼はヱホバの前にありて權力ある獵夫なりき是故にヱホバの前にある夫權力ある獵夫ニムロデの如しといふ諺あり
10 Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.
彼の國の起初はシナルの地のバベル、エレク、アツカデ、及びカルネなりき
11 Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala
其地より彼アツスリヤに出でニネベ、レホポテイリ、カラ
12 kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la.
およびニネベとカラの間なるレセンを建たり是は大なる城邑なり
13 Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo,
ミツライム、ルデ族アナミ族レハビ族ナフト族
14 Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
バテロス族カスル族およびカフトリ族を生りカスル族よりペリシテ族出たり
15 Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het.
カナン其冢子シドンおよびヘテ
16 Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo,
エブス族アモリ族ギルガシ族
17 Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo,
ヒビ族アルキ族セニ族
18 Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. (Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka
アルワデ族ゼマリ族ハマテ族を生り後に至りてカナン人の宗族蔓延りぬ
19 tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)
カナン人の境はシドンよりゲラルを經てガザに至りソドム、ゴモラ、アデマ、ゼボイムに沿てレシヤにまで及べり
20 Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si.
是等はハムの子孫にして其宗族と其方言と其土地と其邦國に隨ひて居りぬ
21 Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber.
セムはヱベルの全の子孫の先祖にしてヤペテの兄なり彼にも子女生れたり
22 Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram.
セムの子はエラム、アシユル、アルパクサデルデ、アラムなり
23 Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas.
アラムの子はウヅ、ホル、ゲテル、マシなり
24 Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber.
アルパクサデ、シラを生みシラ、エベルを生り
25 Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
エベルに二人の子生れたり一人の名をペレグ(分れ)といふ其は彼の代に邦國分れたればなり其弟の名をヨクタンと曰ふ
26 Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera,
ヨクタン、アルモダデ、シヤレフ、ハザルマウテ、ヱラ
27 Hadoram, Uzal, Dikla,
ハドラム、ウザル、デクラ
28 Obal, Abimael, Seba,
オバル、アビマエル、シバ
29 Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.
オフル、ハビラおよびヨバブを生り是等は皆ヨクタンの子なり
30 (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.)
彼等の居住所はメシヤよりして東方の山セバルにまで至れり
31 Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu.
是等はセムの子孫にして其宗族と其方言と其土地と其邦國とに隨ひて居りぬ
32 Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me.
是等はノアの子の宗族にして其血統と其邦國に隨ひて居りぬ洪水の後是等より地の邦國の民は派分れ出たり

< Mose 1 10 >