+ Mose 1 1 >

1 Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.
In the beginning God created the heavens and the earth.
2 Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
The earth was formless and empty, and darkness covered the surface of the deep. The Spirit of God moved over the surface of the waters.
3 Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do.
God said, “Let there be light!” and there was light.
4 Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ.
God saw that the light was good, and he separated the light from the darkness.
5 Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ.
God called the light “day,” and he called the darkness “night.” So there was evening, and then the morning, making day one.
6 Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.”
God said, “Let there be an expanse in the middle of the waters to divide the waters.”
7 Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme.
So God made an expanse to divide the waters that were above from the waters that were below. And that's what happened.
8 Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.
God called the expanse, “sky.” So there was evening, and then the morning, making day two.
9 Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema.
God said, “Let the waters below the sky collect together in one place so that the land may appear.” And so it was.
10 Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo.
God called the land “earth” and the waters “seas.” God saw that it was good.
11 Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema.
God said, “Let the earth produce vegetation—plants that produce seeds and trees that produce seeded fruit—each one according to its own kind.” And that's what happened.
12 Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo.
The earth produced vegetation—plants that produce seeds and trees that produce seeded fruit—each one according to its own kind. God saw that it was good.
13 Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.
So there was evening, and then the morning, making day three.
14 Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo,
God said, “Let there be lights in the sky to separate day from night, and to provide a way to mark seasons, days, and years.
15 eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema.
They shall be lights in the sky to shine on the earth.” And that's what happened.
16 Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã.
God created two great lights: the larger one in charge of the day, and the smaller one in charge of the night. He created the stars too.
17 Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba,
God placed these lights in the sky to shine upon the earth,
18 aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu.
to be in charge of the day and in charge of the night, and to separate light from darkness. God saw that it was good.
19 Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia.
So there was evening, and then the morning, making day four.
20 Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.”
God said, “Let the waters be full of living creatures, and let birds fly above the earth in the sky.”
21 Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo.
So God created huge sea creatures and all the living things that swim and fill the waters, each one according to its own kind; and every bird that flies, each one according to its own kind. God saw that it was good.
22 Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.”
God blessed them and said, “Reproduce and increase, and fill the waters of the seas, and let the birds increase on the earth.”
23 Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia.
So there was evening, and then the morning, making day five.
24 Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema.
God said, “Let the land produce living creatures, each one according to its own kind—the livestock, the creatures that run along the ground, and the wild animals, each one according to its own kind.” And that's what happened.
25 Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo.
God made the wild animals, the livestock, and the creatures that run along the ground, all according to their own kind. God saw that it was good.
26 Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”
God said, “Let us make human beings in our image who are like us. They will have authority over the fish of the sea and the birds of the air, over the livestock, and over the whole of the earth and every creature that moves on it.”
27 Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
So God created human beings in his own image. He created them in the image of God. He created them male and female.
28 Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”
God blessed them and told them, “Reproduce, increase, and spread throughout the earth and control it; exercise authority over the fish of the sea and the birds of the air and every creature that moves on the earth.”
29 Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene.
God said, “Look, I'm giving you as your food every seed-bearing plant anywhere on earth, and every tree that produces fruit with seeds.
30 Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema.
I'm giving all the green plants to all the land animals, to the birds, and to every creature that moves on the earth—to every living thing.” And that's what happened.
31 Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.
God saw everything that he had created, and yes, it was very good. So there was evening, and then the morning, making day six.

+ Mose 1 1 >