< Galatiatɔwo 6 >

1 Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o.
Brothers, if someone is caught in a trespass, you who are spiritual should restore him with a spirit of gentleness. But watch yourself, or you also may be tempted.
2 Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.
Carry one another’s burdens, and in this way you will fulfill the law of Christ.
3 Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eble eɖokui.
If anyone thinks he is something when he is nothing, he deceives himself.
4 Ame sia ame nado eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo kpɔ, ekema woate ŋu aƒo adegbe le wo ɖokuiwo ɖeɖe ko me, ke menye be woatsɔ wo ɖokuiwo asɔ kple ame bubu aɖeke o,
Each one should test his own work. Then he will have reason to boast in himself alone, and not in someone else.
5 elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.
For each one should carry his own load.
6 Ame siwo wofia nui le nya la me la, nama woƒe nu nyuiwo kple woƒe nufiala.
Nevertheless, the one who receives instruction in the word must share in all good things with his instructor.
7 Migable mia ɖokuiwo o. Mawu menana woɖua fewu le eŋuti o. Elabena nu si ame ƒãna la, eya ke wòŋena.
Do not be deceived: God is not to be mocked. Whatever a man sows, he will reap in return.
8 Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me. (aiōnios g166)
The one who sows to please his flesh, from the flesh will reap destruction; but the one who sows to please the Spirit, from the Spirit will reap eternal life. (aiōnios g166)
9 Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
Let us not grow weary in well-doing, for in due time we will reap a harvest if we do not give up.
10 Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo.
Therefore, as we have opportunity, let us do good to everyone, and especially to the family of faith.
11 Mikpɔ ŋɔŋlɔdzesi gã siwo metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ ɖo ɖe mi la ɖa!
See what large letters I am using to write to you with my own hand!
12 Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o.
Those who want to make a good impression outwardly are trying to compel you to be circumcised. They only do this to avoid persecution for the cross of Christ.
13 Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.
For the circumcised do not even keep the law themselves, yet they want you to be circumcised that they may boast in your flesh.
14 Nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ko ŋu. Eya me woto klã xexea me ɖe atitsoga ŋuti nam, eye woklã nye hã ɖe atitsoga ŋuti na xexea me.
But as for me, may I never boast, except in the cross of our Lord Jesus Christ, through which the world has been crucified to me, and I to the world.
15 Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye.
For neither circumcision nor uncircumcision means anything. What counts is a new creation.
16 Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã.
Peace and mercy to all who walk by this rule, even to the Israel of God.
17 Tso azɔ dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam le nu siawo ŋuti o, elabena Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.
From now on let no one cause me trouble, for I bear on my body the marks of Jesus.
18 Nɔviwo, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ. Amen.
The grace of our Lord Jesus Christ be with your spirit, brothers. Amen.

< Galatiatɔwo 6 >