< Galatiatɔwo 5 >
1 Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o.
In the freedom, then, with which Christ made you free—stand, and do not be held fast again by a yoke of servitude.
2 Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o.
Behold! I, Paul, say to you, that if you are [to be] circumcised, Christ will profit you nothing;
3 Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi.
and I testify again to every man circumcised, that he is a debtor to do the whole law;
4 Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi.
you were voided from the Christ, you who are declared righteous in law; you fell away from grace;
5 Elabena to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, míele mɔ kpɔm vevie na dzɔdzɔenyenye la le xɔse me.
for we by the Spirit, by faith, wait for a hope of righteousness,
6 Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.
for in Christ Jesus neither circumcision avails anything, nor uncircumcision, but faith working through love.
7 Mienɔ du ƒum nyuie hafi. Ke ame kae va flu mi, eye wòxe mɔ na mi be miagaɖo to nyateƒe la o?
You were running well; who hindered you [so as] not to obey the truth?
8 Menye ame si yɔ mi lae ƒo nya sia ɖe mia nu o.
The persuasion [is] not of Him who is calling you!
9 “Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna.”
A little leaven leavens the whole lump;
10 Mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ la me be miabu nu bubu aɖeke ŋuti o. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum hã la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ.
I have confidence in regard to you in the LORD that you will not be otherwise minded; and he who is troubling you will bear the judgment, whoever he may be.
11 Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa.
And I, brothers, if I still preach circumcision, why am I still persecuted? Then the stumbling-block of the Cross has been done away [with];
12 Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo.
O that even they would cut themselves off who are unsettling you!
13 Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.
For you were called to freedom, brothers, only the freedom [is] not for an occasion to the flesh, but serve one another through the love,
14 Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”
for all the Law is fulfilled in one word—in this: “You will love your neighbor as yourself”;
15 Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o.
and if you bite and devour one another, see that you may not be consumed by one another.
16 Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.
And I say, walk in the Spirit, and you may not fulfill the desire of the flesh;
17 Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.
for the flesh desires contrary to the Spirit, and the Spirit contrary to the flesh, and these are opposed to one another, that the things that you may will—these you may not do;
18 Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o.
and if you are led by the Spirit, you are not under law.
19 Ke ŋutilã ƒe nudzodzrowo dze ƒãa. Woawoe nye: matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze,
And the works of the flesh are also evident, which are: adultery, whoredom, uncleanness, licentiousness,
20 trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo,
idolatry, witchcraft, enmities, strife, jealousy, wraths, rivalries, dissensions, sects,
21 ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
envyings, murders, drunkenness, reveling, and such like, of which I tell you before, as I also said before, that those doing such things will not inherit the Kingdom of God.
22 Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,
And the fruit of the Spirit is: love, joy, peace, long-suffering, kindness, goodness, faith,
23 tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.
meekness, [and] self-control. Against such there is no law;
24 Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti.
and those who are of Christ Jesus have crucified the flesh with the affections and the desires;
25 Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te.
if we may live in the Spirit, we may also walk in the Spirit;
26 Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o.
let us not become vainglorious—provoking one another, envying one another!