< Galatiatɔwo 4 >

1 Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi.
But I say that so long as the heir is a child, he is no different from a bondservant, though he is lord of all,
2 Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ la va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo da ɖi la.
but is under guardians and stewards until the day appointed by the father.
3 Nenema ke esi míawo hã míenye ɖeviwo la, míenɔ xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo kple gbɔgbɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia me dzi la ƒe kluvinyenye te.
So we also, when we were children, were held in bondage under the elemental principles of the world.
4 Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa
But when the fullness of the time came, God sent out his Son, born to a woman, born under the law,
5 be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene.
that he might redeem those who were under the law, that we might receive the adoption as children.
6 Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “Abba, Fofo.”
And because you are children, God sent out the Spirit of his Son into your hearts, crying, “Abba, Father!”
7 Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae.
So you are no longer a bondservant, but a son; and if a son, then an heir of God through Christ.
8 Tsã la, esi mienya Mawu o la, mienye kluvi na nu siwo menye mawuwo tso dzɔdzɔme o la.
However at that time, not knowing God, you were in bondage to those who by nature are not gods.
9 Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea?
But now that you have come to know God, or rather to be known by God, why do you turn back again to the weak and miserable elemental principles, to which you desire to be in bondage all over again?
10 Miewɔna ɖe ŋkekewo kple ɣletiwo, azãgbewo kple ƒewo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo dzi.
You observe days, months, seasons, and years.
11 Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be agbagba siwo katã dzem mele ɖe mia ta la zu dzodzro mahĩ.
I am afraid for you, that I might have wasted my labor for you.
12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o.
I beg you, brothers, become as I am, for I also have become as you are. You did me no wrong,
13 Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ.
but you know that because of weakness in the flesh I preached the Good News to you the first time.
14 Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene.
That which was a temptation to you in my flesh, you did not despise nor reject; but you received me as an angel of God, even as Christ Jesus.
15 Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam.
What was the blessing you enjoyed? For I testify to you that, if possible, you would have plucked out your eyes and given them to me.
16 Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia?
So then, have I become your enemy by telling you the truth?
17 Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu.
They zealously seek you in no good way. No, they desire to alienate you, that you may seek them.
18 Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui ɖaa, ke menye le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko o.
But it is always good to be zealous in a good cause, and not only when I am present with you.
19 Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba.
My little children, of whom I am again in travail until Christ is formed in you—
20 Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia, ne nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o.
but I could wish to be present with you now, and to change my tone, for I am perplexed about you.
21 Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se la te la, mienya nu si se la gblɔ oa?
Tell me, you that desire to be under the law, do not you listen to the law?
22 Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu.
For it is written that Abraham had two sons, one by the servant, and one by the free woman.
23 Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu.
However, the son by the servant was born according to the flesh, but the son by the free woman was born through promise.
24 Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar.
These things contain an allegory, for these are two covenants. One is from Mount Sinai, bearing children to bondage, which is Hagar.
25 Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.
For this Hagar is Mount Sinai in Arabia, and answers to the Jerusalem that exists now, for she is in bondage with her children.
26 Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada.
But the Jerusalem that is above is free, which is the mother of us all.
27 Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.”
For it is written, “Rejoice, you barren who do not bear. Break out and shout, you who do not travail. For the desolate women have more children than her who has a husband.”
28 Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo.
Now we, brothers, as Isaac was, are children of promise.
29 Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã.
But as then, he who was born according to the flesh persecuted him who was born according to the Spirit, so also it is now.
30 Ke nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? Egblɔ be, “Nya kosi la kple via, elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi gbeɖe o.”
However, what does the Scripture say? “Throw out the servant and her son, for the son of the servant will not inherit with the son of the free woman.”
31 Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo.
So then, brothers, we are not children of a servant, but of the free woman.

< Galatiatɔwo 4 >