< Galatiatɔwo 3 >

1 O, mi Galatiatɔ bometsilawo! Ame kae flu mi? Miawo ŋutɔwoe wogblɔ Yesu Kristo ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe nya na.
Galates insensés, qui vous a fascinés, vous, aux yeux de qui Jésus a été peint, comme s'il eût été crucifié au milieu de vous?
2 Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?
Je vous ferai une seule question: Est-ce par les oeuvres de la loi que vous avez reçu l'Esprit, ou par la prédication de la foi?
3 Ɖe mietsi bome nenema gbegbea? Esi mietsɔ Gbɔgbɔ la dze egɔmee la, azɔ ɖe miedi be yewoatsɔ ŋutilã awu enua?
Êtes-vous si dépourvus de sens, qu'après avoir commencé par l'esprit, vous finissiez maintenant par la chair?
4 Ɖe miekpe fu siawo dzodzroa, nenye dzodzroe hã?
Avez-vous fait de si grandes expériences en vain? si du moins c'est en vain!
5 Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?
Celui qui vous dispense l'Esprit et qui opère des miracles en vous, le fait-il donc par les oeuvres de la loi ou par la prédication de la foi?
6 Nenema ke Abraham hã xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.
Comme «Abraham eut foi en Dieu, et cela lui fut imputé à justice, »
7 Eya ta mise egɔme be ame siwo si xɔse le la, woawoe nye Abraham ƒe viwo.
reconnaissez donc que ceux-là sont fils d'Abraham, qui ont la foi pour principe.
8 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na ame siwo menye Yudatɔwo o la le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã nyanyui la na Abraham do ŋgɔe be, “Woayra dukɔwo katã to dziwò.”
L'Écriture prévoyant que Dieu justifierait les Gentils par la foi, donna d'avance à Abraham cette bonne nouvelle: «Toutes les nations de la terre seront bénies en toi; »
9 Eya ta ame siwo katã si xɔse le la, woyra woawo hã abe Abraham, ame si xɔ Mawu dzi se la ene.
de sorte que ceux qui s'en tiennent à la foi, sont bénis avec Abraham, l'homme de foi.
10 Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”
En effet, tous ceux qui s'appuient sur les oeuvres de la loi, sont sous la malédiction, car il est écrit: «Maudit est quiconque n'observe pas tous les commandements qui sont écrits dans le livre de la Loi, de manière à les pratiquer.»
11 Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.”
Que nul ne soit juste devant Dieu par la loi, c'est évident, puisque «le juste vivra par la foi; »
12 Wometu se la ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.”
or la loi ne relève pas de la foi, mais son principe est: «Celui qui observera ces commandements obtiendra ainsi la vie.»
13 Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.”
Christ nous a libérés de la malédiction de la loi, s'étant fait malédiction pour nous (puisqu'il est écrit: «Maudit est quiconque est pendu au bois, »)
14 Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo.
afin que «la bénédiction» annoncée à Abraham se réalisât pour «les nations» en Jésus-Christ, et que nous reçussions par la foi l'Esprit qui a été promis.
15 Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã.
Mes frères (je parle d'après les usages humains), quand un contrat est passé en bonne forme, personne, quoique l'engagement soit pris par un homme, ne peut l'annuler, ni y rien ajouter.
16 Ŋugbedodo la nye Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la megblɔ be “na dzidzimeviwo o” si gɔmee nye ame geɖewo, ke boŋ “na wò dzidzimeviwo” si gɔmee nye ame ɖeka si nye Kristo.
Or c'est «à Abraham et à sa postérité» que Dieu a fait les promesses, il ne dit pas «et à tes postérités, » comme s'il s'agissait de plusieurs, mais il dit «et à ta postérité, » parce qu'il ne s'agit que d'une seule, savoir Christ
17 Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o.
— eh bien! j'affirme que la Loi, qui est venue quatre cents ans après, ne peut casser un engagement antérieur que Dieu a pris en bonne forme, et annuler la promesse;
18 Elabena ne domenyinyi la ku ɖe se la ŋu la, ekema megaku ɖe ŋugbedodo la ŋu o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsɔe ke Abraham.
car si l'héritage s'obtient par la loi, il ne vient plus d'une promesse: mais c'est bien par une promesse que Dieu a accordé cette faveur à Abraham.
19 Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla.
Pourquoi donc la Loi a-t-elle été donnée? — Elle a été ajoutée à la promesse, pour faire apparaître les transgressions, jusqu’à ce que vînt «la postérité» à qui la promesse a été faite: les anges l'ont donnée par l'entremise d'un médiateur;
20 Ke avuléla menye ame ɖeka o; gake Mawu la ya nye ɖeka.
or un médiateur n'est pas médiateur d'une seule personne, et Dieu est une seule personne.
21 Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me.
La Loi va-t-elle donc contre les promesses de Dieu? — Non, sans doute. Il est vrai que, si une loi capable de donner la vie, eût été donnée, la justice s'obtiendrait par la loi;
22 Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexea me katã le nu vɔ̃ ƒe babla me, be ŋugbedodo si Mawu na to Yesu Kristo dzixɔse me la nasu ame siwo xɔe se la si.
mais loin de là, l'Écriture a enfermé tous les hommes sous le péché, afin que la promesse advînt, par la foi en Jésus-Christ, à ceux qui ont la foi.
23 Hafi xɔse sia nava la, míenɔ babla me le se la te va se ɖe esime woɖe xɔse si le vava ge la ɖe go.
Avant que vînt la foi, nous étions sous les verrous de la loi, enfermés en vue de l'apparition future de la foi;
24 Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me.
de sorte que la loi a servi d'instituteur pour nous mener à Christ, afin que nous fussions justifiés par la foi.
25 Azɔ esi xɔse sia va la, míegale se, si nye mɔfiala la te o.
Mais, la foi étant venue, nous ne sommes plus sous un instituteur,
26 Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me,
car vous êtes tous fils de Dieu par la foi en Jésus-Christ.
27 elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene.
Vous tous, en effet, qui avez été baptisés en Christ, vous avez revêtu Christ.
28 Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.
Il n'y a ici ni Juif ni Grec, ni esclave ni homme libre, ni homme ni femme, car tous vous ne formez qu'une seule personne en Christ;
29 Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.
et, si vous faites corps avec Christ, vous êtes donc «postérité» d'Abraham, héritiers, selon la promesse.

< Galatiatɔwo 3 >