< Galatiatɔwo 1 >

1 Nye Paulo, apostolo si ame aɖeke medɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi meto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu, Fofo si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gbɔe agbalẽ sia tso.
Pavao, apostol - ne od ljudi ni po kojem čovjeku, nego po Isusu Kristu i Bogu Ocu koji ga uskrisi od mrtvih -
2 Nɔvi Kristotɔ, siwo le afi sia kplim la le gbe dom na mi. Na hame siwo le Galatia nutowo me:
i sva braća koja su sa mnom: Crkvama u Galaciji.
3 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo,
Milost vam i mir od Boga, Oca našega, i Gospodina Isusa Krista,
4 ame si ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu, mía Fofo la ɖoe ene, eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me le Mawu, mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nu. (aiōn g165)
koji sam sebe dade za grijehe naše da nas istrgne iz sadašnjega svijeta opakoga kao što je volja Boga i Oca našega, (aiōn g165)
5 Eya tɔe nye bubu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. (aiōn g165)
komu slava u vijeke vjekova! Amen. (aiōn g165)
6 Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome,
Čudim se da od Onoga koji vas pozva na milost Kristovu tako brzo prelazite na neko drugo evanđelje,
7 evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum.
koje uostalom i ne postoji. Postoje samo neki koji vas zbunjuju i hoće prevratiti evanđelje Kristovo.
8 Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi.
Ali kad bismo vam mi, ili kad bi vam anđeo s neba navješćivao neko evanđelje mimo onoga koje vam mi navijestismo, neka je proklet!
9 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.
Što smo već rekli, to sad i ponavljam: navješćuje li vam tko neko evanđelje mimo onoga koje primiste, neka je proklet.
10 Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.
Doista, nastojim li ovo pridobiti ljude ili Boga? Ili idem li za tim da ljudima ugodim? Kad bih sveudilj nastojao ljudima ugađati, ne bih bio Kristov sluga.
11 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, medi be mana mianya be nyanyui si gblɔm mele la menye nya si tso ame aɖeke gbɔ o.
Obznanjujem vam, braćo: evanđelje koje sam navješćivao nije od ljudi,
12 Nyemexɔe tso ame aɖeke gbɔ o, alo menye ame aɖekee fiam o, ke boŋ mexɔe to ɖeɖefia me tso Yesu Kristo gbɔ.
niti ga ja od kojeg čovjeka primih ili naučih, nego objavom Isusa Krista.
13 Miese nu tso ale si menɔ agbee va yi ŋu esi menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti Mawu ƒe hame la yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe, hedze agbagba be matsrɔ̃ wo.
Ta čuli ste za moje negdašnje ponašanje u židovstvu: preko svake sam mjere progonio i pustošio Crkvu Božju
14 Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu.
te sam u židovstvu, prerevno odan otačkim predajama, nadmašio mnoge vršnjake u svojem narodu.
15 Gake esi wòdze Mawu, si tiam tso danye ƒe dɔ me ke ŋu, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm,
Ali kad se Onomu koji me odvoji već od majčine utrobe i pozva milošću svojom, svidjelo
16 eye wòɖe eya ŋutɔ Via fiam be magblɔ eƒe nya na ame siwo menye Yudatɔwo o la, nyemegblɔ be maxɔ aɖaŋu tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o.
otkriti mi Sina svoga da ga navješćujem među poganima, odmah, ne posavjetovah se s tijelom i krvlju
17 Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.
i ne uziđoh u Jeruzalem k onima koji bijahu apostoli prije mene, nego odoh u Arabiju pa se opet vratih u Damask.
18 Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem be madze si Kefa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.
Onda nakon tri godine uziđoh u Jeruzalem potražiti Kefu i ostadoh kod njega petnaest dana.
19 Nyemekpɔ apostoloawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko.
Od apostola ne vidjeh nikoga drugog osim Jakova, brata Gospodinova.
20 Mele kakaɖedzi nam mi le Mawu ŋkume be nya si ŋlɔm mele na mi la menye aʋatso o.
Što vam pišem, Bog mi je svjedok, ne lažem.
21 Le esia megbe la, meyi Siria kple Kilikia.
Zatim dođoh u krajeve sirijske i cilicijske.
22 Hame siwo le Yudea le Kristo me la medze sim o.
Osobno pak bijah nepoznat Kristovim crkvama u Judeji.
23 Nu si wonya koe nye nya si amewo nɔ gbɔgblɔm be, “Ame si nɔ mía yome tim tsã la le gbeƒã ɖem xɔse si wòdze agbagba be yeatsrɔ̃ la fifia.”
One su samo čule: “Negdašnji naš progonitelj sada navješćuje vjeru koju je nekoć pustošio”
24 Eye wokafu Mawu ɖe tanye.
i slavile su Boga zbog mene.

< Galatiatɔwo 1 >