< Ezra 1 >

1 Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋã Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi, eye wòaŋlɔ gbeƒãɖeɖe sia ɖe agbalẽ me be:
In the first year of Cyrus king of Persia, to fulfill the word of the LORD spoken through Jeremiah, the LORD stirred the spirit of Cyrus king of Persia to send a proclamation throughout his kingdom and to put it in writing as follows:
2 Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda.
“This is what Cyrus king of Persia says: ‘The LORD, the God of heaven, who has given me all the kingdoms of the earth, has appointed me to build a house for Him at Jerusalem in Judah.
3 Ame siwo nye Yehowa ƒe amewo, eye wole mia dome la, ate ŋu ayi Yerusalem le Yuda, eye woatu Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu si le Yerusalem ƒe gbedoxɔ la. Woƒe Mawu nanɔ kpli wo.
Whoever among you belongs to His people, may his God be with him, and may he go to Jerusalem in Judah and build the house of the LORD, the God of Israel; He is the God who is in Jerusalem.
4 Mikpe ɖe ame siwo katã susɔ, afi ka ke wole o ŋu kple klosalo, sika, nunɔmesiwo, lãhawo kple lɔlɔ̃nununana hena Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu le Yerusalem.”
And let every survivor, wherever he lives, be assisted by the men of that region with silver, gold, goods, and livestock, along with a freewill offering for the house of God in Jerusalem.’”
5 Tete ƒometatɔ siwo le Yuda kple Benyamin, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame sia ame si ƒe dzi Mawu ʋã ko la, dzra ɖo be woayi Yerusalem aɖatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la.
So the family heads of Judah and Benjamin, along with the priests and Levites—everyone whose spirit God had stirred—prepared to go up and rebuild the house of the LORD in Jerusalem.
6 Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu.
And all their neighbors supported them with articles of silver and gold, with goods and livestock, and with valuables, in addition to all their freewill offerings.
7 Gawu la, Fia Sirus ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem dzoe, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe mawuxɔ me la ɖe go.
King Cyrus also brought out the articles belonging to the house of the LORD that Nebuchadnezzar had carried away from Jerusalem and placed in the temple of his gods.
8 Persia Fia Sirus na Mitreda, fiasãmenuwo dzikpɔla ɖe wo ɖe go, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar, mɔmefia si nɔ Yuda dzi kpɔm.
Cyrus king of Persia had them brought out by the hand of Mithredath the treasurer, who counted them out to Sheshbazzar the prince of Judah.
9 Nuawo ƒe xexlẽ me yi ale: Sikanuɖugba blaetɔ̃, Klosalonuɖugba akpe ɖeka, Klosalohɛ blaeve-vɔ-asiekɛ,
This was the inventory: 30 gold dishes, 1,000 silver dishes, 29 silver utensils,
10 Sikagagba blaetɔ̃, Klosalogagba alafa ene kple ewo, nu bubuwo akpe ɖeka.
30 gold bowls, 410 matching silver bowls, and 1,000 other articles.
11 Sika kple klosalonuwo katã le akpe atɔ̃ alafa ene. Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi, esi aboyomeawo tso Babilonia va Yerusalem.
In all, there were 5,400 gold and silver articles. Sheshbazzar brought all these along when the exiles went up from Babylon to Jerusalem.

< Ezra 1 >