< Ezra 9 >
1 Le nu siawo wɔwɔ vɔ megbe la, kplɔlawo va gbɔnye gblɔ nam be, “Israel blibo la, nunɔlawo kple Levitɔwo hã, meɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ bubuwo abe Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo, Moabtɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ene ƒe ŋunyɔnuwo gbɔ o.
Or sitôt que ces choses-là furent achevées, les principaux du peuple s'approchèrent vers moi, en disant: Le peuple d'Israël, et les Sacrificateurs, et les Lévites ne se sont point séparés des peuples de ces pays, [comme ils le devaient faire] à cause de leurs abominations, [savoir] des Cananéens, des Héthiens, des Phéréziens, des Jébusiens, des Hammonites, des Moabites, des Egyptiens, et des Amorrhéens.
2 Woawo ŋutɔ ɖe woƒe nyɔnuwo na wo ɖokui kple wo viŋutsuwo, eye wotsaka dukɔ kɔkɔe la kple dukɔ siwo ƒo xlã wo, eye kplɔlawo kple amegãwoe nɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.”
Car ils ont pris de leurs filles pour eux et pour leurs fils; et la semence sainte a été mêlée avec les peuples de ces pays; et même il y a des principaux du peuple, et [plusieurs] magistrats, qui ont été les premiers à commettre ce péché.
3 Esi mese nya siawo la, medze nye dziwui kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple ge eye menɔ anyi le nuxaxa me.
Et sitôt que j'eus entendu cela, je déchirai mes vêtements, et mon manteau, et j'arrachai les cheveux de ma tête, et [les poils] de ma barbe, et je m'assis tout désolé.
4 Tete ame siwo katã dzodzonyanya lé le Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ta la va ƒo xlãm le aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia ta. Menɔ anyi de kɔ to kple nuxaxa nenema va se ɖe fiẽvɔsaɣi.
Et tous ceux qui tremblaient aux paroles du Dieu d'Israël, s'assemblèrent vers moi à cause du crime de ceux de la captivité, et je demeurai assis tout désolé jusqu'à l'oblation du soir.
5 Le fiẽvɔsaɣi la, metsi tsitre tso nye ɖokuibɔbɔ la me, dziwui kple awu ʋlaya vuvu la nɔ ŋunye, eye meyi ɖadze klo, keke nye abɔwo me do ɖe Yehowa, nye Mawu la gbɔ,
Et au temps de l'oblation du soir je me levai de mon affliction, et ayant mes vêtements et mon manteau déchirés, je me mis à genoux, et j'étendis mes mains vers l'Eternel mon Dieu,
6 hedo gbe ɖa be: “O nye Mawu, ŋu kpem eye nye mo tsi dãa ale gbegbe be nyemate ŋu awu mo dzi ɖe wò, nye Mawu la ŋuti o, elabena míaƒe nu vɔ̃wo kɔ gbɔ míaƒe tawo ŋu, eye míaƒe dzidadawo yi ɖatɔ dziƒo ke.
Et je dis: Mon Dieu! j'ai honte, et je suis trop confus pour [oser] élever, ô mon Dieu! ma face vers toi; car nos iniquités sont multipliées au dessus de nos têtes, et notre crime s'est élevé jusques aux cieux.
7 Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene.
Depuis les jours de nos pères jusqu'à aujourd'hui nous sommes extrêmement coupables; et nous avons été livrés à cause de nos iniquités, nous, nos Rois, et nos Sacrificateurs, entre les mains des Rois des pays, pour être mis au fil de l'épée, emmenés captifs, pillés, et exposés à l'ignominie, comme il paraît aujourd'hui.
8 “Ke azɔ la, le ɣeyiɣi kpui siawo me la, Yehowa, míaƒe Mawu la ve mía nu, gblẽ ame mamlɛawo ɖi na mí hena afɔɖoƒe sesẽ mí le eƒe kɔkɔeƒe la, ale míaƒe Mawu la na míaƒe ŋkuwo dzi kɔ kple gbɔdzɔe vi aɖe tso míaƒe kluvinyenye me.
Mais l'Eternel notre Dieu nous a maintenant fait grâce, comme en un moment, de sorte qu'il a fait que quelques-uns [de nous] sont demeurés de reste, et il nous a donné un clou dans son saint lieu, afin que notre Dieu éclairât nos yeux, et nous donnât quelque petit répit dans notre servitude.
9 Togbɔ be míenye kluviwo hã la, míaƒe Mawu la megblẽ mí ɖe kluvinyenye me o. Ekpɔ nublanui na mí le Persia fiawo ƒe ŋkume. Ena agbe yeye mí be míagbugbɔ míaƒe Mawu la ƒe xɔ atu, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo. Ke eɖo dedinɔnɔ ƒe gli ƒo xlã mí le Yuda kple Yerusalem.
Car nous sommes esclaves, et toutefois notre Dieu ne nous a point abandonnés dans notre servitude; mais il nous a fait trouver grâce devant les Rois de Perse, pour nous donner du répit, afin de relever la maison de notre Dieu, et rétablir ses lieux déserts, et pour nous donner une cloison en Juda, et à Jérusalem.
10 “Ke azɔ la, O míaƒe Mawu, nu ka gblɔ ge míala le esia megbe? Elabena míegbe nu le wò sededewo gbɔ,
Mais maintenant, ô notre Dieu! que dirons-nous après ces choses? car nous avons abandonné tes commandements,
11 se siwo nède to wò nyagblɔɖilawo dzi esi nègblɔ be, ‘Anyigba si dzi mieyina be miaxɔ la nye anyigba makɔmakɔ to edzinɔlawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me. Woto woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me tsɔ makɔmakɔnyenye yɔ edzii tso go ɖeka dzi, yi go bubu dzi.
Que tu as donnés par tes serviteurs les Prophètes, en disant: Le pays auquel vous allez entrer pour le posséder, est un pays souillé par la souillure des peuples de ces pays-là, à cause des abominations dont ils l'ont rempli, depuis un bout jusqu'à l'autre par leurs impuretés.
12 Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe alo aɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migabla ɖekawɔwɔ ƒe nu kpli wo ɣe aɖeke ɣi o, ale be miakpɔ ŋusẽ aɖu anyigba la ƒe nu nyuiwo, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo, woanye domenyinu mavɔ na wo.’
Maintenant donc, ne donnez point vos filles à leurs fils, et ne prenez point leurs filles pour vos fils, et ne cherchez point leur paix, ni leur bien à jamais; afin que vous soyez affermis, et que vous mangiez les biens du pays, et que vous le fassiez hériter à vos fils pour toujours.
13 “Nu si dzɔ ɖe mia dzi la nye míaƒe nu tovo wɔwɔwo kple agɔ gã si míedze la ƒe metsonu. Ke hã la, wò, míaƒe Mawu, èhe to na mí vie ko. To si nèhe na mí la le sue wu esi míaƒe nu vɔ̃wo dze na, eye nèsusɔ amewo ɖi na mí abe esiawo ene.
Or après toutes les choses qui nous sont arrivées à cause de nos mauvaises œuvres, et du grand crime qui s'est trouvé en nous; [et] parce, ô notre Dieu! que tu es demeuré [dans tes punitions] au dessous de ce que nos péchés [méritaient], et que tu nous as donné un résidu tel qu'est celui-ci;
14 Ɖe míagada le wò seawo dzi, ahaɖe srɔ̃ tso ame siwo wɔ ŋunyɔnu siawo domea? Ɖe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be, nàtsrɔ̃ mí eye màgble ame aɖeke ɖi alo ame ɖeka hã teti natsi agbe oa?
Retournerions-nous à enfreindre tes commandements, et à faire alliance avec ces peuples abominables? Ne serais-tu pas irrité contre nous, jusqu'à nous consumer, en sorte qu'il n'y aurait plus aucun résidu, ni aucune ressource?
15 O Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la, èle dzɔdzɔe! Wogble mí ɖi egbea abe ame siwo susɔ la ene. Míawoe nye si le ŋkuwò me le míaƒe agɔdzedze me togbɔ be, le esia ta mía dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o hafi hã.”
Eternel Dieu d'Israël! tu es juste; car nous sommes demeurés de reste, comme il se [voit] aujourd'hui. Voici, nous sommes devant toi avec notre crime; quoiqu'il n'y ait pas moyen de subsister devant toi à cause de ce [que nous avons fait].