< Ezra 8 >

1 Esiawoe nye ƒometatɔ siwo trɔ gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la ƒe ŋkɔwo kple ƒometɔ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe wo gbɔ la ƒe ŋkɔwo:
在阿塔薛西斯在位期間,與我從巴比倫一同起程的族長,笸他們的祖譜,記載如下:
2 Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me: Gersom; Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me: Daniel; Ame siwo tso David ƒe dzidzime me: Hatus
丕乃哈斯的子孫,有革爾雄;依塔瑪爾的子孫,有達尼爾;達味的子孫,有舍加尼雅的兒子哈突士,
3 si tso Sekania ƒe dzidzime me; Ame siwo tso Paros ƒe dzidzime me: Zekaria kple ŋutsu alafa ɖeka blaatɔ̃ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe egbɔ;
帕洛士的子孫,有則加黎雅,同他登記的,有男子一百五十名;
4 Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me: Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve siwo kpe ɖe eŋu la;
哈特摩阿布的子孫,有則辣希雅的兒子厄里約乃,同他一起的,有男子二百名;
5 Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ siwo le eŋu la;
匝突的子孫,有雅哈齊耳的兒子舍加尼雅,同他一起的,有男子三百名;
6 Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me: Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la;
阿丁的子孫,有約納堂的兒子厄貝得,同他一起的,有男子五十名;
7 Ame siwo tso Elam ƒe dzidzime me: Atalia ƒe vi, Yesaya kple ŋutsu blaadre siwo le eŋu la;
厄藍的子孫,有阿塔里雅的所以耶沙雅,同他一起的,有男子七十名;
8 Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me: Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la;
舍法提雅的子孫,有米加耳的兒子則把狄雅,同他一起的,有男子八十名;
9 Ame siwo tso Yoab ƒe dzidzime me: Yehiel ƒe vi, Obadia kple ŋutsu alafa eve kple wuienyi siwo nɔ eŋu la;
約阿布的子孫,有耶希耳的兒子敖巴狄雅,同他一起的,有男子二百一十八名;
10 Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me: Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade siwo nɔ eŋu la;
巴尼的子孫,有約息非雅的兒子舍羅米特,同他一起的,有男子一百六十名;
11 Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me: Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la;
貝拜的子孫,有貝拜的兒子則加黎雅,同他一起的,有男子二十八名;
12 Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me: Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo siwo nɔ eŋu la;
阿次加得的子孫,有哈卡堂的兒子約哈南,同他一起的,有男子一百一十名;
13 Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me: Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la;
阿多尼干的子孫,是最後來的,他們的名字是厄里培肋特、耶依耳和舍雅,同他們一起的,有男子六十名。
14 Ame siwo tso Bigvai ƒe dzidzime me: Utai kple Zakur kple ŋutsu blaadre siwo nɔ wo ŋu la.
彼革外的子孫,鍵盤匝雇爾的兒子烏泰,同他一起的,有男子七十名。
15 Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o.
我將眾人召集在流往阿哈瓦的河邊,在那裏住了三天;當我視察眾人和司祭時,其中沒有發現一個肋未人。
16 Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo,
我遂派首領厄里厄則爾、阿黎爾、舍瑪雅、厄耳納堂、雅黎布、厄耳納堂、納堂、則加黎雅和默叔藍通士約雅黎布和厄耳納堂,
17 eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me.
命他們到加息非雅地方的首領依多那裏去,我並把他們應向那定居在加息非雅的依多和兄弟們,要說的話告訴了他們,好為我們天主的殿,給我們帶來侍役。
18 Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi.
賴我們天主慈悲的手對我們的扶助,他們由以色列的兒子肋未的後裔瑪赫里的子孫中,給我們帶來了一位明智人,就是舍勒彼雅,和兒子及兄弟,一共十八人;
19 Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve.
還有哈沙彼雅,同他一起的,有默辣黎的子孫耶沙和雅及兒子,一共二 十人;
20 Woawo hã kplɔ gbedoxɔmedɔwɔla alafa eve kple blaeve ɖe asi, ame siwo David kple eƒe dɔnunɔlawo ɖo be woakpe ɖe Levitɔwo ŋu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi.
還有達味和諸首長服事肋未人所立 獻身者,一共二百二十人;這些人全部都是登記了的。
21 Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ.
我遂在阿哈瓦河那裏禁食,在我們的天主前自謙自卑,祈求衪使我們和我們的子孫,並我們的一切財物,一路平安;
22 Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.”
因為我羞於請求君王派遺步隊和騎兵,協助我們防禦路上的仇敵,因為我們曾向君王說萵:「凡尋求天主的人,衪的手常加助佑;凡離棄衪的人,衪便施行強力和義怒」。
23 Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu.
我們為此禁食,祈求我們的天主,衪便俯聽了我們。
24 Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu.
我由司祭的首領選了十二人,又選了舍勒彼雅和哈沙彼雅,以及同他們在一起的十個兄弟,
25 Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la.
把金銀和器皿,即君王和他的謀、首長,以及在那裏所有的以色列人,奉獻給我們天主殿的禮品,一一衡量了交給了他們。
26 Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã
我衡量了交在他們手中的,有銀子六百五十「塔冷通」,銀器一百「塔冷通」,金子一百「塔冷通」;
27 kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu.
還有金碗二十個,值一千「達理克」;發亮的銅器二個,貴如黃金。
28 Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la.
我向他們說:「你們在上主前是聖的,器皿也是聖的,金銀是自願獻於上主你們祖先的天主,作禮品的。
29 Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.”
你們要謹慎護守,直到在耶路撒冷,在上主殿宇的庫房內,當著司祭和肋未人的首領,以及以色列眾族長的面,衡量交清為止」。
30 Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem.
司祭自己和肋未人,就把數點過的金銀和器皿收下,帶到耶路撒冷我們天主的殿內。
31 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi la, míedze mɔ tso Ahava tɔsisi la to ɖo ta Yerusalem. Míaƒe Mawu la ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso futɔwo kple adzohawo ƒe asime le mɔa dzi.
一月十二日,我們從阿哈瓦河起程赴耶路撒冷,賴我們天主的手扶助,我們一路脫免了仇人和暗害者的手,
32 Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃.
平安到了耶路撒冷,在那裏休息了三天o
33 Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti.
第四日,在我們天主是殿內,衡量了金銀和器皿,交給了烏利雅的兒子默勒摩特司祭,同他在一起的,還有丕乃哈斯的兒子厄肋阿匝爾,以及肋未人耶叔亞的兒子約匝巴得,和彼奴依的兒子諾阿狄雅,
34 Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me.
每件點過稱過,即將總數記錄下來。
35 Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa.
當時被擄充軍回來的子民,向以色列的天主奉獻了全燔祭,為全以色列奉獻了牛犢十二頭,公綿羊九十六隻,羔羊七十二隻,作贖罪祭的公山羊十二隻:這一切都獻給上主作全燔祭。
36 Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la.
以後,他們向君王的州長和河西諸省長,呈上君王的諭令;他們便協助民眾,資助天主的殿宇。

< Ezra 8 >