< Ezra 7 >

1 Le nu siawo megbe, le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Ezra, Seraya ƒe vi, Azaria ƒe vi, Hilkia ƒe vi,
Now after these things, when Artaxerxes was king of Persia, Ezra, the son of Seraiah, the son of Azariah, the son of Hilkiah,
2 Salum ƒe vi, Zadok ƒe vi, Ahitub ƒe vi,
The son of Shallum, the son of Zadok, the son of Ahitub,
3 Amaria ƒe vi, Azaria ƒe vi, Merayot ƒe vi,
The son of Amariah, the son of Azariah, the son of Meraioth,
4 Zerahia ƒe vi, Uzi ƒe vi, Buki ƒe vi,
The son of Zerahiah, the son of Uzzi, the son of Bukki,
5 Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi.
The son of Abishua, the son of Phinehas, the son of Eleazar, the son of Aaron the chief priest:
6 Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi.
This Ezra went up from Babylon; and he was a scribe, expert in the law of Moses which the Lord, the God of Israel, had given: and the king, moved by the Lord his God, gave him whatever he made request for.
7 Israelviwo dometɔ aɖewo, siwo dome nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔla aɖewo nɔ la va Yerusalem le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.
And some of the children of Israel went up, with some of the priests and the Levites and the music-makers and the door-keepers and the Nethinim, to Jerusalem, in the seventh year of Artaxerxes the king.
8 Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.
And he came to Jerusalem in the fifth month, in the seventh year of the king's rule.
9 Edze mɔ tso Babilonia le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wòva ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, elabena eƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔ edzi.
For, starting his journey from Babylon on the first day of the first month, he came to Jerusalem on the first day of the fifth month, by the good help of his God.
10 Ezra tsɔ eɖokui na Yehowa ƒe Se la sɔsrɔ̃ kple emeléle ɖe asi eye nenema kee wòtsɔ eɖokui na eƒe sededewo kple ɖoɖowo fiafia le Israel.
For Ezra had given his mind to learning the law of the Lord and doing it, and to teaching his rules and decisions in Israel.
11 Esiae nye agbalẽ si Fia Artazerses ŋlɔ tsɔ na Ezra, nunɔla kple Sefiala, ŋutsu si bi ɖe Yehowa ƒe sededewo kple ɖoɖo siwo wòwɔ na Israel la me:
Now this is a copy of the letter which King Artaxerxes gave to Ezra, the priest and the scribe, who put into writing the words of the orders of the Lord, and of his rules for Israel:
12 Tso: Artazerses, fiawo dzi fia gbɔ, Na: Nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala: Medo gbe na wò.
Artaxerxes, king of kings, to Ezra the priest, scribe of the law of the God of heaven, all peace;
13 Azɔ la, mele se dem be, ne Israelvi aɖe si le nye fiaɖuƒe me kple nunɔla alo Levitɔ siwo di be yewoayi Yerusalem kpli wò la, woayi faa.
And now it is my order that all those of the people of Israel, and their priests and Levites in my kingdom, who are ready and have a desire to go to Jerusalem, are to go with you.
14 Fia la kple eƒe aɖaŋuɖola adreawoe le dɔwòm be nàyi Yuda kple Yerusalem aɖabia gbe wo tso ale si wolé wò Mawu ƒe Se si le asiwò me la me ɖe asii.
Because you are sent by the king and his seven wise men, to get knowledge about Judah and Jerusalem, as you are ordered by the law of your God which is in your hand;
15 Gawu la, tsɔ klosalo kple sika siwo fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo na Israel ƒe Mawu la faa la, Mawu si ƒe nɔƒe nye Yerusalem la ɖe asi.
And to take with you the silver and gold freely offered by the king and his wise men to the God of Israel, whose Temple is in Jerusalem,
16 Kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ tso Babilonia nuto la me ŋu, nenema kee nye ameawo kple nunɔlawo ƒe lɔlɔ̃nununanawo na woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ le Yerusalem.
As well as all the silver and gold which you get from the land of Babylon, together with the offering of the people and of the priests, freely given for the house of their God, which is in Jerusalem:
17 Kpɔ egbɔ be yetsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu, eye nàtsɔ wo asa vɔe le wò Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ la me le Yerusalem.
So with this money get with care oxen, sheep, and lambs, with their meal offerings and their drink offerings, to be offered on the altar of the house of your God, which is in Jerusalem.
18 Emegbe la, wò kple nɔviwò Yudatɔwo miate ŋu awɔ klosalo kple sika si susɔ la ŋu dɔ ale si dze mia ŋu le miaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu me.
And whatever seems right to you and to your brothers to do with the rest of the silver and gold, that do, as may be pleasing to your God.
19 Tsɔ nu siwo katã wode asi na wò hena Yerusalem ƒe Mawu la hena eƒe subɔsubɔ le wò Mawu la ƒe gbedoxɔ la me.
And the vessels which have been given to you for the uses of the house of your God, you are to give to the God of Jerusalem.
20 Nu bubu aɖe si hiã na wò Mawu la ƒe gbedoxɔ, si nèdi be yeaƒle la, tsɔe le fia la ƒe nudzraɖoƒe faa.
And whatever more is needed for the house of your God, and which you may have to give, take it from the king's store-house.
21 Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba
And I, even I, Artaxerxes the king, now give orders to all keepers of the king's money across the river, that whatever Ezra the priest, the scribe of the law of the God of heaven, may have need of from you, is to be done with all care,
22 va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi.
Up to a hundred talents of silver, a hundred measures of grain, a hundred measures of wine, and a hundred measures of oil, and salt without measure.
23 Nu sia nu si Dziƒo Mawu la gblɔ da ɖi ko la, wonewɔe kple dzo na Dziƒo Mawu la ƒe gbedoxɔ. Nu ka ŋuti dziku anɔ fia la ƒe fiaɖuƒe kple via ŋutsuwo dzi?
Whatever is ordered by the God of heaven, let it be done completely for the house of the God of heaven; so that there may not be wrath against the kingdom of the king and his sons.
24 Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o.
In addition, we make it clear to you, that it will be against the law to put any tax or payment in goods or forced payment on any of the priests or Levites, the music-makers, door-keepers, Nethinim, or any servants of this house of God.
25 Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o.
And you, Ezra, by the wisdom of your God which is in you, are to put rulers and judges to have authority over all the people across the river who have knowledge of the laws of your God; and you are to give teaching to him who has no knowledge of them.
26 Ame si mewɔ ɖe wò Mawu la ƒe Sewo dzi alo fia la ƒe sewo dzi o la, ele be woahe to nɛ kple ku alo anyae le dua me, axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi loo, alo adee gaxɔ me.
And if anyone does not keep the law of your God and the law of the king, take care that punishment is given to him, by death or by driving him from his country or by taking away his goods or by putting him in prison.
27 Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea,
Praise be to the Lord, the God of our fathers, who has put such a thing into the heart of the king, to make fair the house of the Lord which is in Jerusalem;
28 ame si trɔ eƒe amenuveve kɔ ɖe dzinye le fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kple fia la ƒe dɔnunɔla ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋkume. Esi Yehowa, nye Mawu la ƒe asi nɔ dzinye ta la, dzi ɖo ƒonye, eye meƒo ame ŋkuta siwo tso Israel la nu ƒu be woayi kplim.
And has given mercy to me before the king and his government and before all the king's great captains. And I was made strong by the hand of the Lord my God which was on me, and I got together out of Israel chief men to go up with me.

< Ezra 7 >