< Ezra 6 >

1 Tete Fia Darius de se, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxo siwo wodzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la me le Babilonia.
Then Darius the king made a decree, and caused a search to be made in the record-offices, where the treasure is stored in Babylon.
2 Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: Ŋkuɖodzinya:
And there was found in the city, in the palace, a volume, and this was the record written in it.
3 Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be: Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre.
In the first year of king Cyrus, Cyrus the king made a decree concerning the holy house of God that was in Jerusalem, [saying, ]Let the house be built, and the place where they sacrifice the sacrifices. (Also he appointed its elevation, in height sixty cubits; its breadth [was] of sixty cubits.)
4 Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta.
And [let there be] three strong layers of stone, and one layer of timber; and the expense shall be paid out of the house of the king.
5 Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me.
And the silver and the gold vessels of the house of God, which Nabuchodonosor carried off from the house that was in Jerusalem, and carried to Babylon, let them even be given, and be carried to the temple that is in Jerusalem, and put in the place where they were set in the house of God.
6 Ke azɔ la, wò, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo kple wò, Setar Bozenai kple mi woƒe dɔnunɔla siwo le nuto ma me la, migaka afɔ afi ma o.
Now, you rulers beyond the river, Satharbuzanai, and their fellow-servants the Apharsachaeans, who [are] on the other side of the river, give [these things], keeping far from that place.
7 Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.
Now let alone the work of the house of God: let the rulers of the Jews and the elders of the Jews build that house of God on its place.
8 Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o.
Also a decree has been made by me, if haply you may do somewhat in concert with the elders of the Jews for the building of that house of God: to wit, out of the king's property, [even] the tributes beyond the river, let there be money to defray the expenses carefully granted to those men, so that they be not hindered.
9 Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o.
And whatever need [there may be], you shall give both the young of bulls and rams, and lambs for whole burnt offerings to the God of heaven, wheat, salt, wine, oil: —let it be given them according to the word of the priests that are in Jerusalem, day by day whatever they shall ask;
10 Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie.
that they may offer sweet savours to the God of heaven, and that they may pray for the life of the king and his sons.
11 Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo.
And a decree has been made by me, that every man who shall alter this word, timber shall be pulled down from his house, and let him be lifted up and slain upon it, and his house shall be confiscated.
12 Mawu, ame si na be yeƒe Ŋkɔ nanɔ afi ma la, naɖe fia le zi dzi alo dukɔ si akɔ eƒe asi dzi be yeatrɔ sedede sia alo agbã gbedoxɔ sia le Yerusalem. Nye Darius de se sia. Ele be woawɔe kple mo vevi ɖoɖo.
And may the God whose name dwells there, overthrow every king and people who shall stretch out his hand to alter or destroy the house of God which is in Jerusalem. I Darius have made a decree; let it be diligently [attended to].
13 Le sedede si Fia Darius ɖo ɖa ta la, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo, Setar Bozeni kple wo ŋutimewo wɔ sedede la menyawo dzi kple mo vevi ɖoɖo.
Then Thanthanai the governor on this side beyond the river, Satharbuzanai, and his fellow-servants, according to that which king Darius sent, so they did diligently.
14 Ale Yuda dumegãwo yi xɔa tutu dzi, eye to Nyagblɔɖila Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimevi ƒe mawunyagbɔgblɔ me la, nuwo dze edzi nyuie. Le Israel ƒe Mawu kple Sirus, Darius kple Artazerses, Persia fiawo ƒe sededewo nu la, wowu gbedoxɔ la tutu nu.
And the elders of the Jews and the Levites built, at the prophecy of Aggaeus the prophet, and Zacharias the son of Addo: and they built up, and finished [it], by the decree of the God of Israel, and by the decree of Cyrus, and Darius, and Arthasastha, kings of the Persians.
15 Wowu enu le dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le Fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me.
And they finished this house by the third day of the month Adar, which is the sixth year of the reign of Darius the king.
16 Tete Israel dukɔ la katã, nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo gbɔ tso aboyome la ɖu Mawu ƒe aƒe la ŋuti kɔkɔ ƒe azã la kple aseyetsotso.
And the children of Israel, the priests, and the Levites, and the rest of the children of the captivity, kept the dedication of the house of God with gladness.
17 Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ me, eye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe Israel blibo la ta ene la, wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu sa vɔe,
And they offered for the dedication of the house of God a hundred calves, two hundred rams, four hundred lambs, twelve kids of the goats for a sin-offering for all Israel, according to the number of the tribes of Israel.
18 eye woɖo nunɔlaawo ɖe woƒe hatsotsowo me kple Levitɔwo ɖe woƒe memamawo me hena Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ le Yerusalem, ɖe nu si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ la me nu.
And they set the priests in their divisions, and the Levites in their separate orders, for the services of God in Jerusalem, according to the writing of the book of Moses.
19 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, aboyometsolawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.
And the children of the captivity kept the passover on the fourteenth day of the first month.
20 Nunɔlaawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, ale wo katã wonɔ kɔkɔe le se la nu. Levitɔwo wu Ŋutitotolẽvi la na aboyometsolawo katã, wo nɔvi nunɔlawo kple woawo ŋutɔ ɖokuiwo.
For the priests and Levites were purified, all were clean to a man, and they killed the passover for all the children of the captivity, and for their brethren the priests, and for themselves.
21 Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
And the children of Israel ate the passover, [even] they that were of the captivity, and every one who separated himself to them from the uncleanness of the nations of the land, to seek the Lord God of Israel.
22 Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me.
and they kept the feast of unleavened bread seven days with gladness, because the Lord made them glad, and he turned the heart of the king of Assyria to them, to strengthen their hands in the works of the house of the God of Israel.

< Ezra 6 >