< Ezra 5 >

1 Azɔ la, Nyagblɔɖilawo Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimeviwo gblɔ nya ɖi na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, ame si nɔ wo dzi ɖum la ƒe ŋkɔ me.
爰に預言者ハガイおよびイドの子ゼカリヤの二人の預言者ユダとヱルサレムに居るユダヤ人に向ひてイスラエルの神の名をもて預言する所ありければ
2 Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu.
シヤルテルの子ゼルバベルおよびヨザダクの子ヱシユア起あがりてヱルサレムなる神の室を建ることを始む 神の預言者等これと共に在て之を助く
3 Le ɣe ma ɣi me la, Frat tɔsisi la godo nuto la me ƒe mɔmefia, Tatenai, Setar Bozenai kple wo ŋutimewo yi ɖabia wo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?”
その時に河外の總督タテナイといふ者セタルボズナイおよびその同僚とともにその所に來り誰が汝らに此室を建て此石垣を築きあぐることを命ぜしやと斯言ひ
4 Wogabia wo be, “Ŋutsu siwo le teƒe sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?”
また此建物を建る人々の名は何といふやと斯これに問り
5 Ke Yehowa ƒe ŋku nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ta kpɔm, ale womete ŋu ɖo asi wo dzi o va se ɖe esime woaŋlɔ agbalẽ na Darius, eye wòaɖo eŋu hafi woanya afɔ si woaɖe.
然るにユダヤ人の長老等の上にはその神の目そそぎゐたれば彼等これを止むること能はずして遂にその事をダリヨスに奏してその返答の來るを待り
6 Esia nye nu si Tatenai, Frat tɔsisi la godo ƒe mɔmefia kple Setar Bozenai kple wo ŋutimewo kpakple dɔnunɔla siwo le Frat tɔsisi la godo ŋlɔ ɖo ɖe Fia Darius.
河外ふの總督タテナイおよびセタルボズナイとその同僚なる河外ふのアパルサカイ人がダリヨス王に上まつりし書の稿は左のごとし
7 Agbalẽa me nyawo yi ale: Na: Fia Darius. Míedo gbe tɔxɛ na wò.
即ち其上まつりし書の中に書しるしたる所は是のごとし 云く願くはダリヨス王に大なる平安あれ
8 Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te.
王知たまへ我儕ユダヤ州に往てかの大神の室に至り視しに巨石をもて之を建て材木を組て壁を作り居り其工事おほいに捗どりてその手を下すところ成ざる無し
9 Míebia gbe woƒe dumegãwo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?”
是に於て我儕その長老等に問てこれに斯いへり 誰が汝らに此室を建てこの石垣を築きあぐることを命ぜしやと
10 Míebia woƒe ŋkɔwo hã ta ale be míaŋlɔ woƒe ŋgɔnɔlawo ƒe ŋkɔwo aɖo ɖe wò wòanɔ nyanya na wò.
我儕またその首長たる人々の名を書しるして汝に奏聞せんがためにその名を問り
11 Esiae nye ŋuɖoɖo si wona mí: “Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye; míegbugbɔ le gbedoxɔ si wotu ƒe geɖewoe nye esi va yi la tum, gbedoxɔ si Israel ƒe fia xɔŋkɔ aɖe tu, wu enu,
時に彼等かく我らに答へて言り 我儕は天地の神の僕にして年久しき昔に建おかれし殿を再び建るなり 是は素イスラエルの大なる王某の建築きたる者なしりが
12 gake esi mía fofowo do dziku na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, ame si gbã gbedoxɔ sia, eye wòɖe aboyo ameawo ɖo ɖe Babilonia.
我らの父等天の神の震怒を惹起せしに縁てつひに之をカルデヤ人バビロンの王ネブカデネザルの手に付したまひければ彼この殿を毀ち民をバビロンに擄へゆけり
13 “Ke hã la, le Babilonia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Fia Sirus de se be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu.
然るにバビロンの王クロスの元年にクロス王神のこの室を建べしとの詔言を下したまへり
14 Gawu la, ena wolɔ sikanu kple klosalonu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem gbedoxɔ me tsɔ va kɔ ɖe Babilonia gbedoxɔ me la do goe. “Emegbe Fia Sirus tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si woyɔna be Sesbazar, ame si wòɖo mɔmefiae la si,
然のみならず ヱルサレムの殿よりネブカデネザルが取いだしてバビロンの殿に携へいれし神の室の金銀の器皿もクロス王これをバビロンの殿より取いだし其立たる總督セシバザルと名くる者に之を付し
15 gblɔ de esi be, ‘Tsɔ nu siawo eye yi nàkɔ wo ɖe Yerusalem gbedoxɔ me. Gbugbɔ Mawu ƒe aƒe la tu ɖe teƒe si wònɔ tsã.’
而して彼に言けらく是等の器皿を取り往て之をヱルサレムの殿に携へいれ神の室をその本の處に建よと
16 “Ale Sesbazar sia va ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe gbedoxɔ gɔme anyi ɖe Yerusalem, eya ta tso gbe ma gbe dzi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi, eye womekpɔ wu enu haɖe o.”
是において其セシバザル來りてヱルサレムなる神の室の石礎を置たりき 其時よりして今に至るまで之を建つつありしが猶いまだ竣らざるなりと
17 Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me.
然ば今王もし善となされなば請ふ御膝下バビロンにある所の王の寳蔵を査べたまひて神のこの室を建べしとの詔言のクロス王より出しや否を稽へ而して王此事につきて御旨を我らに諭したまえ

< Ezra 5 >