< Ezra 4 >

1 Esi Yuda kple Benyamin ƒe futɔwo se be ame siwo trɔ gbɔ tso aboyome la le gbedoxɔ tum na Yehowa, Israel ƒe Mawu la la,
When the enemies of Judah and Benjamin heard that the exiles were building a temple for the LORD, the God of Israel,
2 wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.”
they approached Zerubbabel and the heads of the families, saying, “Let us build with you because, like you, we seek your God and have been sacrificing to Him since the time of King Esar-haddon of Assyria, who brought us here.”
3 Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.”
But Zerubbabel, Jeshua, and the other heads of the families of Israel replied, “You have no part with us in building a house for our God, since we alone must build it for the LORD, the God of Israel, as Cyrus king of Persia has commanded us.”
4 Tete ame siwo nɔ anyigba dzi ƒo xlã wo la ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo si wɔe be wovɔ̃ na gbedoxɔ la dzi yiyi.
Then the people of the land set out to discourage the people of Judah and make them afraid to build.
5 Wona zãnu dudzikpɔlawo be woatsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woatɔtɔ woƒe ɖoɖowo me le Persia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo katã me va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɣiwo ke.
They hired counselors against them to frustrate their plans throughout the reign of Cyrus king of Persia and down to the reign of Darius king of Persia.
6 Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu.
At the beginning of the reign of Xerxes, an accusation was lodged against the people of Judah and Jerusalem.
7 Eye le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo ŋutime bubuwo ŋlɔ agbalẽ na Artazerses. Woŋlɔ agbalẽ la kple Aramaik alfabeta ɖe Aramaikgbe me.
And in the days of Artaxerxes king of Persia, Bishlam, Mithredath, Tabeel, and the rest of his associates wrote a letter to Artaxerxes. It was written in Aramaic and then translated.
8 Rehum dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai, ŋlɔ agbalẽ tsi tsitre ɖe Yerusalem ŋu na Fia Artazerses. Agbalẽa me nyawoe nye:
Rehum the commander and Shimshai the scribe wrote the letter against Jerusalem to King Artaxerxes as follows:
9 Rehum, dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai kple dɔnunɔla bubuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudzikpɔla siwo kpɔa Tripoli, Persia, Erek kple Babilonia kple Elamtɔ siwo le Susa dzi,
From Rehum the commander, Shimshai the scribe, and the rest of their associates—the judges and officials over Tripolis, Persia, Erech and Babylon, the Elamites of Susa,
10 hekpe ɖe ame siwo bubutɔgã, Asurbanipal nya ɖo ɖe Samaria kple Frat tɔsisi la godo ŋu.
and the rest of the peoples whom the great and honorable Ashurbanipal deported and settled in the cities of Samaria and elsewhere west of the Euphrates.
11 Esia nye agbalẽ si woŋlɔ nɛ la me nya. Na: Fia Artazerses. Tso: Wò dɔla siwo le Frat tɔsisi la godo gbɔ.
(This is the text of the letter they sent to him.) To King Artaxerxes, From your servants, the men west of the Euphrates:
12 Fia nenyae be, Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ la yi Yerusalem, eye wogbugbɔ du dzeaglã, vɔ̃ɖi la le tsotsom. Wole gliawo flɔm ɖe dzi, eye wole gɔmeɖokpe siwo gbã la ɖɔm ɖo.
Let it be known to the king that the Jews who came from you to us have returned to Jerusalem. And they are rebuilding that rebellious and wicked city, restoring its walls, and repairing its foundations.
13 Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo.
Let it now be known to the king that if that city is rebuilt and its walls are restored, they will not pay tribute, duty, or toll, and the royal treasury will suffer.
14 Azɔ la, esi wònye míaƒe dɔdeasie wònye na fiasã la, eye menyo be miazi kpi woaɖe bubu le fia la ŋu o ta la, míele gbe ɖom ɖe wò be wòanɔ nyanya na fia la,
Now because we are in the service of the palace and it is not fitting for us to allow the king to be dishonored, we have sent to inform the king
15 eye wòatsa le ame siwo ɖu fia do ŋgɔ na wò ƒe nyaŋlɔɖiwo me. Àkpɔe le nyaŋlɔɖiawo me be du sia nye du dzeaglã si ɖea fu na fiawo kple nutometɔwo, teƒe si aglãdzedze le tso keke blema ke. Esia tae wogbã du sia ɖo.
that a search should be made of the record books of your fathers. In these books you will discover and verify that the city is a rebellious city, harmful to kings and provinces, inciting sedition from ancient times. That is why this city was destroyed.
16 Míena nyanya fia la be, ne wotso du sia, eye woɖɔ eƒe gliwo ɖo la, naneke magasusɔ na wò le Frat tɔsisi la godo o.
We advise the king that if this city is rebuilt and its walls are restored, you will have no dominion west of the Euphrates.
17 Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la: Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo; Medo gbe na mi,
Then the king sent this reply: To Rehum the commander, Shimshai the scribe, and the rest of your associates living in Samaria and elsewhere in the region west of the Euphrates: Greetings.
18 Woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la na mí, eye woɖe egɔme hã na mí le ŋkunye me.
The letter you sent us has been translated and read in my presence.
19 Meɖe gbe, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxoawo me heke ɖe eŋu be, tso gbe aɖe gbe ke la, du sia tsona ɖe fiawo ŋu, eye wònye aglãdzedze kple amemabumabu teƒe.
I issued a decree, and a search was conducted. It was discovered that this city has revolted against kings from ancient times, engaging in rebellion and sedition.
20 Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo.
And mighty kings have ruled over Jerusalem and exercised authority over the whole region west of the Euphrates; and tribute, duty, and toll were paid to them.
21 Azɔ la, de se na ŋutsu siawo be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ, ale be womagbugbɔ du sia atso o va se ɖe esime maɖe gbe hafi.
Now, therefore, issue an order for these men to stop, so that this city will not be rebuilt until I so order.
22 Mikpɔ nyuie be mietsɔ nya sia vevie. Nu ka wɔ miazi kpi be, ŋɔdzidodo sia nayi ŋgɔ, agblẽ fiaɖuƒe la ƒe ŋgɔyiyi me?
See that you do not neglect this matter. Why allow this threat to increase and the royal interests to suffer?
23 Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ.
When the text of the letter from King Artaxerxes was read to Rehum, Shimshai the scribe, and their associates, they went immediately to the Jews in Jerusalem and forcibly stopped them.
24 Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.
Thus the construction of the house of God in Jerusalem ceased, and it remained at a standstill until the second year of the reign of Darius king of Persia.

< Ezra 4 >