< Ezra 3 >
1 Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo nɔ woƒe duwo me nyuie vɔ la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem abe ame ɖekawo ene.
By the time of the seventh month, the Israelites had settled in their towns, and the people gathered together as one in Jerusalem.
2 Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu.
Then Jeshua, son of Jozadak, and the priests with him, together with Zerubbabel, son of Shealtiel, and his relatives, started to build the altar of the God of Israel in order to sacrifice burnt offerings on it, as instructed by the Law of Moses, the man of God.
3 Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa.
Even though they were afraid of the local people, they set up the altar on its original foundation and sacrificed burnt offerings on it to the Lord, both morning and evening burnt offerings.
4 Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe.
They observed the Festival of Shelters as the Law required, sacrificing the specified number of burnt offerings each day.
5 Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa.
After that also presented the daily burnt offerings and the new moon offerings, as well as those for all the yearly festivals of the lord and for those who brought voluntary offerings to the Lord.
6 Togbɔ be womeɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o hã la, wodze vɔsasa na Yehowa gɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
So from the first day of the seventh month, the Israelites began to present burnt offerings to the Lord, even though the foundation of the Lord's Temple had not been laid.
7 Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu.
They paid masons and carpenters, and provided food and drink and olive oil to the people of Sidon and Tyre for them to bring cedar logs from Lebanon to Joppa by sea, as King Cyrus of Persia had authorized.
8 Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi.
In the second month of the second year after arriving at God's Temple in Jerusalem, Zerubbabel, son of Shealtiel, Jeshua, son of Jozadak, and those with them—the priests, the Levites, and everyone who had come back to Jerusalem from captivity—began the work. They put Levites twenty years and older to in charge of building the Lord's Temple.
9 Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me.
Jeshua and his sons and relatives, Kadmiel and his sons, the descendants of Yehudah, the sons of Henadad and their sons and relatives, all of them Levites, supervised those working on God's Temple.
10 Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene.
When the builders laid the foundation of the Lord's Temple, the priests dressed in their special clothes and carrying trumpets, and the Levites (the sons of Asaph) carrying cymbals, all took their places to praise the Lord, following the instructions given by King David of Israel.
11 Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be, “Eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.” Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ.
They sang with praise and thanks to the Lord: “God is good; for his trustworthy love for Israel lasts forever.” Then everyone there gave a tremendous shout of praise to the Lord, because the foundation of the Lord's Temple had been laid.
12 Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli.
But many of the older priests, Levites, and family leaders who remembered the first Temple wept loudly when they saw the foundation of this Temple, though many others shouted for joy.
13 Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke.
However, nobody could tell the shouts of joy from the cries of weeping, because everyone was making so much noise—so much so it could be heard a long way away.