< Ezra 2 >

1 Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye.
ಬಾಬಿಲೋನಿನ ಅರಸನಾದ ನೆಬೂಕದ್ನೆಚ್ಚರನಿಂದ, ಬಾಬಿಲೋನಿಗೆ ಸೆರೆಯಾಗಿ ಹೋಗಿ, ಅನಂತರ ಬಂಧನದಿಂದ ಬಿಡುಗಡೆಯಾಗಿ ಯೆರೂಸಲೇಮಿಗೂ, ಯೆಹೂದಕ್ಕೂ, ತಮ್ಮ ತಮ್ಮ ಪಟ್ಟಣಗಳಿಗೂ
2 Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana: Ame siwo tso Israelviwo dome woe nye:
ಜೆರುಬ್ಬಾಬೆಲನ ಸಂಗಡ ಹಿಂದಿರುಗಿದವರು ಯಾರೆಂದರೆ: ಯೇಷೂವ, ನೆಹೆಮೀಯ, ಸೆರಾಯ, ರೆಲಾಯ, ಮೊರ್ದೆಕೈ, ಬಿಲ್ಷಾನ್, ಮಿಸ್ಪಾರ್, ಬಿಗ್ವೈ, ರೆಹೂಮ್ ಹಾಗೂ ಬಾಣ. ಇಸ್ರಾಯೇಲ್ ಜನಾಂಗದ ಪುರುಷರ ಸಂಖ್ಯೆ:
3 Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve.
ಪರೋಷನ ವಂಶಜರು 2,172
4 Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve.
ಶೆಫಟ್ಯನ ವಂಶಜರು 372
5 Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃.
ಆರಹನ ವಂಶಜರು 775
6 Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve.
ಯೇಷೂವ, ಯೋವಾಬ್ ಎಂಬವರ ಮಕ್ಕಳಲ್ಲಿ ಪಹತ್ ಮೋವಾಬನ ವಂಶಜರು 2,812
7 Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene.
ಏಲಾಮನ ವಂಶಜರು 1,254
8 Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃.
ಜತ್ತೂವಿನ ವಂಶಜರು 945
9 Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade.
ಜಕ್ಕೈನ ವಂಶಜರು 760
10 Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve.
ಬಾನೀಯ ವಂಶಜರು 642
11 Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃.
ಬೇಬೈನ ವಂಶಜರು 623
12 Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene.
ಅಜ್ಗಾದನ ವಂಶಜರು 1,222
13 Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade.
ಅದೋನೀಕಾಮಿನ ವಂಶಜರು 666
14 Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade.
ಬಿಗ್ವೈ ವಂಶಜರು 2,056
15 Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
ಅದೀನನ ವಂಶಜರು 454
16 Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi.
ಹಿಜ್ಕೀಯನ ಮಗನಾದ ಆಟೇರ್ ವಂಶಜರು 98
17 Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
ಬೇಚೈಯ ವಂಶಜರು 323
18 Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve.
ಯೋರನ ವಂಶಜರು 112
19 Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
ಹಾಷುಮನ ವಂಶಜರು 223
20 Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃.
ಗಿಬ್ಬಾರನ ವಂಶಜರು 95
21 Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
ಬೇತ್ಲೆಹೇಮನ ವಂಶಜರು 123
22 Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade.
ನೆಟೋಫದ ಜನರು 56
23 Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
ಅನಾತೋತ್ ಊರಿನವರು 128
24 Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve.
ಅಜ್ಮಾವೆತಿನವರು 42
25 Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃.
ಕಿರ್ಯತ್ ಯಾರೀಮ್, ಕೆಫೀರಾ, ಬೇರೋತ್ ಎಂಬ ಪಟ್ಟಣದವರು 743
26 Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ.
ರಾಮಾ ಗೆಬ ಎಂಬ ಪಟ್ಟಣದವರು 621
27 Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve.
ಮಿಕ್ಮಾಷದ ಜನರು 122
28 Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
ಬೇತೇಲ್ ಮತ್ತು ಆಯಿ ಎಂಬ ಪಟ್ಟಣದವರು 223
29 Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve.
ನೆಬೋ ಊರಿನವರು 52
30 Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade.
ಮಗ್ಬೀಷನ ಜನರು 156
31 Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
ಮತ್ತೊಬ್ಬ ಏಲಾಮನ ವಂಶಜರು 1,254
32 Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve.
ಹಾರಿಮನ ವಂಶಜರು 320
33 Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃.
ಲೋದ್, ಹಾದೀದ್, ಓನೋ ಎಂಬ ಊರಿನ ಜನರು 725
34 Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃.
ಯೆರಿಕೋವಿನ ವಂಶಜರು 345
35 Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃.
ಸೆನಾಹನ ವಂಶಜರು 3,630.
36 Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃.
ಯಾಜಕರು: ಯೇಷೂವನ ಕುಟುಂಬದವರಾದ ಯೆದಾಯನ ವಂಶಜರು 973
37 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve.
ಇಮ್ಮೇರನ ವಂಶಜರು 1,052
38 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre.
ಪಷ್ಹೂರನ ವಂಶಜರು 1,247
39 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre.
ಹಾರಿಮನ ವಂಶಜರು 1,017.
40 Levitɔwo: Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene.
ಲೇವಿಯರು: ಹೋದವ್ಯನ ಸಂತತಿಯಾದ ಯೇಷೂವನ, ಕದ್ಮಿಯೇಲನ ವಂಶಜರು 74.
41 Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
ಹಾಡುಗಾರರು: ಆಸಾಫನ ವಂಶಜರು 128.
42 Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo: Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ.
ದೇವಾಲಯದ ದ್ವಾರಪಾಲಕರಾದ ಶಲ್ಲೂಮ್, ಆಟೇರ್, ಟಲ್ಮೋನ್, ಅಕ್ಕೂಬ್, ಹಟೀಟ, ಶೋಬೈ ಮುಂತಾದವರ ಮಕ್ಕಳು ಒಟ್ಟು 139.
43 Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye:
ದೇವಾಲಯದ ಸೇವಕರು: ಜೀಹ, ಹಸೂಫ, ಟಬ್ಬಾವೋತ್ ಇವರ ವಂಶಜರು.
44 Keros, Siaha, Padon,
ಕೆರೋಸ್, ಸೀಯಹಾ, ಪದೋನ್,
45 Lebana, Hagaba, Akub,
ಲೆಬಾನ, ಹಗಾಬ, ಅಕ್ಕೂಬ್
46 Hagab, Salmai, Hanan,
ಹಗಾಬ್, ಶಲ್ಮೈ, ಹಾನಾನ್,
47 Gidel, Gahar, Reaia,
ಗಿದ್ದೇಲ್, ಗಹರ್, ರೆವಾಯ,
48 Rezin, Nekoda, Gazam,
ರೆಚೀನ್, ನೆಕೋದ, ಗಜ್ಜಾಮ್,
49 Uza, Pasea, Besai,
ಉಜ್ಜ, ಪಾಸೇಹ, ಬೇಸೈ,
50 Asna, Meunim, Nefusim,
ಅಸ್ನ, ಮೆಯನೀಮ್, ನೆಫೀಸೀಮ್,
51 Bakbuk, Hakufa, Harhur,
ಬಕ್ಬೂಕ್, ಹಕ್ಕೂಫ, ಹರ್ಹೂರ್,
52 Bazlut, Mehida, Harsa,
ಬಚ್ಲೂತ್, ಮೆಹೀದ, ಹರ್ಷ,
53 Barkos, Sisera, Tema,
ಬರ್ಕೋಸ್, ಸೀಸೆರ, ತೆಮಹ,
54 Nezia kple Hatifa.
ನೆಚೀಹ, ಹಟೀಫ, ಇವರ ವಂಶಜರು.
55 Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye: Sotai, Hasoferet, Peruda,
ಸೊಲೊಮೋನನ ಸೇವಕರ ವಂಶಜರು: ಸೋಟೈ, ಹಸ್ಸೋಫೆರೆತ್, ಪೆರೂದ,
56 Yaala, Darkon, Gidel,
ಯಾಲ, ದರ್ಕೋನ್, ಗಿದ್ದೇಲ್,
57 Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo.
ಶೆಫಟ್ಯ, ಹಟ್ಟೀಲ್, ಪೋಕೆರೆತ್ ಹಚ್ಚೆಬಾಯೀಮ್, ಮತ್ತು ಆಮೀ ಇವರ ವಂಶಜರು.
58 Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve.
ದೇವಾಲಯದ ಸೇವಕರ ಹಾಗೂ ಸೊಲೊಮೋನನ ಸೇವಕರ ವಂಶಜರು ಒಟ್ಟು 392 ಮಂದಿ.
59 Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
ತೇಲ್ಮೆಲಹ, ತೇಲ್ಹರ್ಷ, ಕೆರೂಬ್, ಅದ್ದಾನ್, ಇಮ್ಮೇರ್ ಎಂಬ ಊರುಗಳಿಂದ ಹೊರಟುಬಂದವರಾಗಿದ್ದು, ತಮ್ಮ ಗೋತ್ರವಂಶಾವಳಿಗಳನ್ನು ತೋರಿಸಿ, ತಾವು ಇಸ್ರಾಯೇಲರೆಂಬುದನ್ನು ರುಜುಪಡಿಸಲಾಗದೇ ಇದ್ದವರು ಯಾರೆಂದರೆ:
60 Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve.
ದೆಲಾಯ, ಟೋಬೀಯ, ನೆಕೋದ ಇವರ ಸಂತಾನದವರು ಒಟ್ಟು 652 ಮಂದಿ.
61 Ame siawo hã tso nunɔlawo dome: Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai.
ಯಾಜಕರಲ್ಲಿ: ಹಬಯ್ಯ, ಹಕ್ಕೋಚ್, ಬರ್ಜಿಲ್ಲೈ ಇವರ ಸಂತಾನದವರು. ಈ ಬರ್ಜಿಲ್ಲೈ ಎಂಬವನು ಗಿಲ್ಯಾದ್ಯನಾದ ಬರ್ಜಿಲ್ಲೈಯನ ಪುತ್ರಿಯರಲ್ಲಿ ಒಬ್ಬಳನ್ನು ಮದುವೆಮಾಡಿಕೊಂಡ ಕಾರಣ, ಅವನ ಹೆಸರನ್ನು ಇಟ್ಟುಕೊಂಡಿದ್ದನು.
62 Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o.
ಇವರು ತಮ್ಮ ವಂಶಾವಳಿಯ ದಾಖಲಾತಿಗಳಲ್ಲಿ ತಮ್ಮ ಹೆಸರುಗಳನ್ನು ಹುಡುಕಿದರು, ಆದರೆ ಅವು ಸಿಕ್ಕದೆ ಹೋದದ್ದರಿಂದ ಅವರು ಅಶುದ್ಧರೆಂದು ಪರಿಗಣಿಸಿ ಯಾಜಕ ಉದ್ಯೋಗದಿಂದ ಬಹಿಷ್ಕಾರವಾದರು.
63 Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi.
ಆದ್ದರಿಂದ ಊರೀಮ್, ತುಮ್ಮೀಮ್ ಮುಖಾಂತರ ದೈವನಿರ್ಣಯವನ್ನು ತಿಳಿಸಬಲ್ಲ ಯಾಜಕನು ದೊರೆಯುವ ತನಕ, ಇವರು ಮಹಾಪರಿಶುದ್ಧವಾದ ಪದಾರ್ಥಗಳನ್ನು ತಿನ್ನಬಾರದೆಂದು ರಾಜ್ಯಪಾಲನು ಆದೇಶಿಸಿದನು.
64 Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade.
ಹೀಗೆ ಹಿಂದಿರುಗಿ ಬಂದು, ಸಭೆ ಸೇರಿದ ಸರ್ವಸಮೂಹದ ಒಟ್ಟು ಸಂಖ್ಯೆ 42,360.
65 Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre kpe ɖe hadzila alafa eve ŋuti.
ಅವರ ಹೊರತಾಗಿ ಅವರ ದಾಸರೂ, ದಾಸಿಯರೂ 7,337 ಮಂದಿಯೂ, ಅವರ ಹಾಡುಗಾರರೂ, ಹಾಡುಗಾರ್ತಿಯರೂ 200 ಮಂದಿ ಇದ್ದರು.
66 Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade, tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃,
ಅವರ 736 ಕುದುರೆಗಳು, ಅವರ 245 ಹೇಸರಕತ್ತೆಗಳು,
67 kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve gbɔe.
ಅವರ 435 ಒಂಟೆಗಳು, ಅವರ ಒಟ್ಟು 6,720 ಕತ್ತೆಗಳು.
68 Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.
ಅವರು ಯೆರೂಸಲೇಮಿನಲ್ಲಿರುವ ಯೆಹೋವ ದೇವರ ಆಲಯಕ್ಕೆ ಬಂದ ತರುವಾಯ, ಕುಟುಂಬಗಳ ಕೆಲವು ಮುಖ್ಯಸ್ಥರು ದೇವರ ಆಲಯವನ್ನು ಅದರ ಸ್ಥಳದಲ್ಲಿ ಕಟ್ಟುವುದಕ್ಕೆ ಉಚಿತವಾದ ಕಾಣಿಕೆಗಳನ್ನು ಕೊಟ್ಟರು.
69 Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃, klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka be woatsɔ de dɔ sia me.
ಅವರು ತಮ್ಮ ಶಕ್ತಿಗೆ ತಕ್ಕ ಹಾಗೆ ಕೆಲಸಕ್ಕಾಗಿ ಬೊಕ್ಕಸಕ್ಕೆ 400 ಕಿಲೋಗ್ರಾಂ ಬಂಗಾರವನ್ನೂ, 2,800 ಕಿಲೋಗ್ರಾಂ ಬೆಳ್ಳಿಯನ್ನೂ, ನೂರು ಯಾಜಕರ ಅಂಗಿಗಳನ್ನೂ ಕೊಟ್ಟರು.
70 Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.
ಯಾಜಕರೂ, ಲೇವಿಯರೂ, ದ್ವಾರಪಾಲಕರೂ, ಹಾಡುಗಾರರೂ, ದೇವಾಲಯದ ಸೇವಕರೂ ತಮ್ಮ ತಮ್ಮ ಪಟ್ಟಣಗಳಲ್ಲಿಯೂ ಉಳಿದ ಇಸ್ರಾಯೇಲರು ತಮ್ಮ ಪಟ್ಟಣಗಳಲ್ಲಿಯೂ ವಾಸವಾಗಿದ್ದರು.

< Ezra 2 >