< Hezekiel 9 >

1 Tete mesee wòdo ɣli sesĩe gblɔ be, “Mikplɔ dua ŋu dzɔlawo va afii, ɖe sia ɖe natsɔ aʋawɔnu ɖe asi”
Then he cried in my hearing with a loud voice, and said, “Let the guards come up to the city, each with his weapon of destruction in his hand.”
2 Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.
Then behold! Six men came from the pathway of the upper gate that faces north, each with his weapon of slaughter in his hand. There was a man in their midst dressed in linen with a scribe's equipment at his side. So they went in and stood beside the bronze altar.
3 Azɔ la, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, afi si wònɔ tsã, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Tete Yehowa yɔ ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, ame si ƒe aklito agbalẽŋlɔnuwo le la,
Then the glory of the God of Israel went up from the cherubim where it had been to the threshold of the house. He called to the man dressed in linen who had the scribe's equipment at his side.
4 eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.”
Yahweh said to him, “Pass through the midst of the city—the midst of Jerusalem—and make a mark on the foreheads of those who groan and sigh about all the abominations being performed in the midst of the city.”
5 Esi menɔ to ɖom la, egblɔ na ame bubuawo be, “Midze eyome to du la me, eye miawu amewo. Migakpɔ nublanui na ame aɖeke loo, alo miaƒe dɔ me natrɔ ɖe ame aɖeke ŋu o.
Then he spoke to the others within my hearing, “Pass through the city after him and kill. Do not let your eyes have compassion, and do not spare
6 Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.
either old man, young man, virgin, little children or women. Kill all of them! But do not approach anyone who has the mark on his head. Begin at my sanctuary!” So they began with the elders who were in front of the house.
7 Eye wògblɔ na wo be, “Migblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eye miana ame kukuawo nayɔ eƒe xɔxɔnu. Miyi!” Ale woyi, eye wode asi ameawo wuwu me le du la katã me.
He said to them, “Defile the house, and fill its courtyards with the dead. Proceed!” So they went out and attacked the city.
8 Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?”
As they were attacking it, I found myself alone and I fell on my face and cried out and said, “Ah, Lord Yahweh, will you destroy all the remnant of Israel in the outpouring of your wrath on Jerusalem?”
9 Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’
He said to me, “The iniquity of the house of Israel and Judah is exceedingly great. The land is full of blood and the city full of perversions, since they say, 'Yahweh has forgotten the land,' and 'Yahweh does not see!'
10 Eya ta nyemakpɔ nublanui na wo alo atsɔe ake wo o, ke boŋ mana nu si wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.”
So then, my eye will not look with compassion, and I will not spare them. I will instead bring it all on their heads.”
11 Tete ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye agbalẽŋlɔnuwo le eƒe axame la gblɔ be, “Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ.”
Behold! The man dressed in linen who had the scribe's equipment by his side came back. He reported and said, “I have done all that you have commanded.”

< Hezekiel 9 >