< Hezekiel 8 >
1 Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma.
On the fifth day of the sixth month of the sixth year, I was sitting in my house with the elders of Judah and the power of the Lord God came over me there.
2 Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene.
I looked around and saw a being that looked like a man. From what seemed to be his waist downwards, he looked like fire. From what seemed to his waist upwards, he looked like brightly glowing metal.
3 Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le.
He reached out what seemed to be a hand and picked me up by my hair. The Spirit took me up into the sky, and in the vision God was giving me he carried me to Jerusalem, to the entrance of the north gate of the Temple's inner courtyard, where the offensive idol that made God angry had been placed.
4 Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le nye ŋkume le afi ma abe ale si wònɔ le ŋutega si mekpɔ le bali la me ene.
I saw the glory of the God of Israel there, just like I had in the vision I'd seen in the valley.
5 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe.
“Son of man,” he told me, “now look to the north.” So I looked to the north, and in the entrance to the north of the Altar Gate I saw this idol that angered God.
6 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.”
“Son of man,” he said to me, “can you see what they are doing? Look at the disgusting sins the people of Israel are committing that are driving me far away from my sanctuary? But you're going to see even more disgusting sins than these!”
7 Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ do aɖe le gli la me.
He took me to the entrance to the Temple courtyard. As I looked around, I saw a hole in the wall.
8 Egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, ku do ɖe gli la me.” Ale meku do ɖe gli la me, eye mekpɔ mɔnu aɖe le afi ma.
“Son of man,” he told me, “pull the wall apart.” So I pulled the wall apart and found a doorway.
9 Eye wògblɔ nam be, “Yi ɖe eme, eye nàkpɔ nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wole wɔwɔm le afi ma”
He told me, “Go through the wall and see the evil and disgusting things they are doing in here.”
10 Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo.
So I went through the wall and saw carved images covering the walls, representing all kinds of reptiles and disgusting animals, as well as all the idols worshiped by the people of Israel.
11 Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem.
Seventy elders of the house of Israel were standing in front of them, including Jaazaniah son of Shaphan. They all were holding censers, producing a sweet-smelling cloud of incense that rose above them.
12 Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’”
“Son of man,” he said to me, “can you see what the elders of the people of Israel are doing here in the dark, with each one worshiping in the shrine room of his own idol? This is what they're saying: ‘The Lord can't see what we're doing; besides the Lord has abandoned our country!’”
13 Eye wògagblɔ nam be, “Àkpɔ wo woaganɔ nu siwo nyɔ ŋu wu esiawo gɔ̃ hã la wɔm.”
The Lord went on to tell me, “You're going to see them doing even more disgusting things than these!”
14 Emegbe la, ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo si le anyiehe la gbɔ, eye mekpɔ nyɔnuwo wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ fafam na Tamuz.
Then he took me to the north entrance of the Lord's Temple. I saw women sitting there, weeping for the god Tammuz.
15 Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Èle nu siwo nyɔ ŋu wu esia gɔ̃ hã kpɔ ge.”
“Son of man,” he said to me, “have you seen this? But you're going to see even more disgusting things than these!”
16 Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe.
He took me to the inner courtyard of the Lord's Temple and right there at the entrance to the Temple, between the porch and the altar, were around twenty-five men. They had their backs to the Temple, and were facing towards the east. They were bowing in worship of the sun rising in the east.
17 Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa!
“Son of man,” he said to me, “have you seen this? The people of Judah aren't content just to do these disgusting things. They also commit violent crimes across the country and keep on making me angry. Look at how they're deliberately insulting me!
18 Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”
As a result I will respond in anger. I won't treat them kindly; I won't be merciful to them. Even though they shout loudly for my help, I won't listen to them.”