< Hezekiel 7 >

1 Yehowa ƒe gbe va nam be,
И было ко мне слово Господне:
2 “Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba: “‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi!
и ты, сын человеческий, скажи: так говорит Господь Бог; земле Израилевой конец, - конец пришел на четыре края земли.
3 Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta.
Вот конец тебе; и пошлю на тебя гнев Мой, и буду судить тебя по путям твоим, и возложу на тебя все мерзости твои.
4 Nyemakpɔ nublanui na mi loo alo ana miakpɔ ɖeɖe o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko. “‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’
И не пощадит тебя око Мое, и не помилую, и воздам тебе по путям твоим, и мерзости твои с тобою будут, и узнаете, что Я Господь.
5 “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la! Kpɔ ɖa, eva ɖo.
Так говорит Господь Бог: беда единственная, вот, идет беда.
6 Nuwuwu la va ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Efɔ eɖokui ɖe ŋutiwò. Kpɔ ɖa, eva ɖo!
Конец пришел, пришел конец, встал на тебя; вот дошла,
7 Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi mi anyigbadzinɔlawo dzi. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o.
дошла напасть до тебя, житель земли! приходит время, приближается день смятения, а не веселых восклицаний на горах.
8 Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi, eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta.
Вот, скоро изолью на тебя ярость Мою и совершу над тобою гнев Мой, и буду судить тебя по путям твоим, и возложу на тебя все мерзости твои.
9 Nyemakpɔ nublanui na mi alo aɖe mi o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu kple ɖe miaƒe ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta. “‘Ekema mianya be nye, Yehowae tu nu kpli mi.
И не пощадит тебя око Мое, и не помилую. По путям твоим воздам тебе, и мерзости твои с тобою будут; и узнаете, что Я Господь каратель.
10 “‘Kpɔ ɖa, ŋkeke la! Kpɔ ɖa, eva ɖo! Dzɔgbevɔ̃e do, ameƒoti do lotoo, eye dada ƒo se.
Вот день! вот пришла, наступила напасть! жезл вырос, гордость разрослась.
11 Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o.
Восстает сила на жезл нечестия; ничего не останется от них, и от богатства их, и от шума их, и от пышности их.
12 Ɣeyiɣi de, ŋkeke la va ɖo. Nudzrala megatso aseye, eye nuƒlela megafa konyi o, elabena dɔmedzoe dze ɖe ameha la katã dzi.
Пришло время, наступил день; купивший не радуйся, и продавший не плачь; ибо гнев над всем множеством их.
13 Anyigbadzrala magbugbɔ eƒe anyigba si wòdzra la axɔ zi ale si wo ame eve la le agbe o, elabena womatrɔ ŋutega si wokpɔ tso ameha blibo la ŋu o. Le woƒe nu vɔ̃wo ta la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi agbe o.
Ибо продавший не возвратится к проданному, хотя бы и остались они в живых; ибо пророческое видение о всем множестве их не отменится, и никто своим беззаконием не укрепит своей жизни.
14 “‘Togbɔ be woaku kpẽ, eye woawɔ nu sia nu wòasɔ gbe gɔ̃ hã la, ame aɖeke mayi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe bi ɖe ameha la kã.
Затрубят в трубу, и все готовятся, но никто не идет на войну: ибо гнев Мой над всем множеством их.
15 Yi le gota, eye dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me. Yi awu ame siwo le gbedzi, eye ame siwo le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo.
Вне дома меч, а в доме мор и голод. Кто в поле, тот умрет от меча; а кто в городе, того пожрут голод и моровая язва.
16 Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
А уцелевшие из них убегут и будут на горах, как голуби долин; все они будут стонать, каждый за свое беззаконие.
17 Alɔ ɖe sia ɖe ado agblɔ, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.
У всех руки опустятся, и у всех колени задрожат, как вода.
18 Woatsyɔ konyifavɔ, eye woado ŋɔdzi abe awu ene, ŋukpe anɔ mo na wo, eye woalũ ta na wo.
Тогда они препояшутся вретищем, и обоймет их трепет; и у всех на лицах будет стыд, и у всех на головах плешь.
19 “‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me.
Серебро свое они выбросят на улицы, и золото у них будет в пренебрежении. Серебро их и золото их не сильно будет спасти их в день ярости Господа. Они не насытят ими душ своих и не наполнят утроб своих; ибо оно было поводом к беззаконию их.
20 Wodana ɖe woƒe lekewɔnu dzeaniwo dzi, eye wotsɔ wo wɔ woƒe legba nyɔŋuwo kple aklamakpakpɛ vlowo. Eya ta matrɔ nu siawo woazu nu makɔmakɔwo na wo.
И в красных нарядах своих они превращали его в гордость, и делали из него изображения гнусных своих истуканов; за то и сделаю его нечистым для них;
21 Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi, eye woagblẽ kɔ ɖo na wo.
и отдам его в руки чужим в добычу и беззаконникам земли на расхищение, и они осквернят его.
22 Matrɔ mo ɖe adzɔge tso wo gbɔ, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe vevi la. Adzodalawo age ɖe eme, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ.
И отвращу от них лице Мое, и осквернят сокровенное Мое; и придут туда грабители, и осквернят его.
23 “‘Miwɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖi, elabena ʋukɔkɔɖi bɔ ɖe anyigba la dzi, eye ŋutasesẽ yɔ dua me.
Сделай цепь, ибо земля эта наполнена кровавыми злодеяниями, и город полон насилий.
24 Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.
Я приведу злейших из народов, и завладеют домами их. И положу конец надменности сильных, и будут осквернены святыни их.
25 Ne ŋɔdzi do la, woadi ŋutifafa, gake manɔ anyi o.
Идет пагуба; будут искать мира, и не найдут.
26 Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome. Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ, nunɔlawo ƒe sewo fiafia kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o.
Беда пойдет за бедою и весть за вестью; и будут просить у пророка видения, и не станет учения у священника и совета у старцев.
27 Fia la afa konyi, dzi aɖe le fiavi la ƒo, eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya. Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu. “‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”
Царь будет сетовать, и князь облечется в ужас, и у народа земли будут дрожать руки. Поступлю с ними по путям их, и по судам их буду судить их; и узнают, что Я Господь.

< Hezekiel 7 >