< Hezekiel 6 >

1 Yehowa ƒe nya va gbɔnye be,
主の言葉が、わたしに臨んで言った、
2 “Ame vi, trɔ mo de Israel ƒe towo; gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,
「人の子よ、あなたの顔をイスラエルの山々に向け、預言して、
3 eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.
言え。イスラエルの山々よ、主なる神の言葉を聞け。主なる神は山と丘と、谷と川に向かって、こう言われる、見よ、わたしはつるぎをあなたがたに送り、あなたがたの高き所を滅ぼす。
4 Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye mawu miaƒe amewo le miaƒe legbawo ŋgɔ.
あなたがたの祭壇は荒され、あなたがたの香の祭壇はこわされる。わたしはあなたがたの偶像の前に、あなたがたの殺された者を投げ出す。
5 Matsɔ Israelvi kukuwo amlɔ woƒe legbawo ŋgɔ, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo.
わたしはイスラエルの民の死体を彼らの偶像の前に置き、骨をあなたがたの祭壇のまわりに散らす。
6 Afi sia afi si mianɔ la, miaƒe duwo azu aƒedo, eye woagbã miaƒe nuxeƒewo, woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, woagbã miaƒe vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye woatsrɔ̃ nu siwo miewɔ.
すべてあなたがたの住む所で町々は滅ぼされ、高き所は荒される。こうしてあなたがたの祭壇はこわし荒され、あなたがたの偶像は砕かれて滅び、あなたがたの香の祭壇は倒され、あなたがたのわざは消し去られる。
7 Woawu miaƒe amewo le mia dome, eye mianya be nyee nye Yehowa.’”
また殺された者はあなたがたのうちに倒れる。これによって、あなたがたはわたしが主であることを知るようになる。
8 “Ke maɖe ame aɖewo ya, elabena mia dometɔ aɖewo asi le yinu ne wokaka mi ɖe anyigba dzi kple dukɔwo dome.
わたしは、あなたがたのある者を生かしておく。あなたがたが、つるぎをのがれて国々の中におり、国々に散らされる時、
9 Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta.
あなたがたのうちののがれた者は、その捕え移された国々の中でわたしを思い出す。これはわたしが、彼らのわたしを離れた姦淫の心と、偶像を慕って姦淫を行う目をくじくからである。そして彼らはそのもろもろの憎むべきことと、その犯した悪のために、みずからをいとうようになる。
10 Woanya be nyee nye Yehowa; nyemedo ŋɔdzi na wo dzodzro be mahe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzii o.”
そして彼らはわたしが主であることを知る。この災を彼らに対して下すと、わたしが言ったのは決してむなしい事ではない」。
11 “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo.
主なる神はこう言われる、「あなたは手を打ち、足を踏みならして言え。ああ、イスラエルの家のすべての悪しき憎むべき者はわざわいだ。彼らはつるぎと、ききんと、疫病に倒れるからである。
12 Ame si le adzɔge ʋĩi la, dɔvɔ̃ awui, ame si le kpuiƒe la, yi awui, eye ame si atsi agbe la, aku le dɔwuame ta. Alea mawɔ nye dziku ŋu dɔ ɖe wo ŋutie.
遠くにいる者は疫病で死に、近くにいる者はつるぎに倒れる。生き残って身を全うする者はききんによって死ぬ。このようにわたしはわが憤りを彼らの上に漏らし尽す。
13 Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le.
彼らの殺される者がその偶像の中にあり、その祭壇のまわりにあり、すべての高き丘の上にあり、すべての山の頂にあり、すべての青木の下にあり、すべての茂ったかしの木の下にあり、彼らがこうばしいかおりを、すべての偶像にささげた所にある時、あなたがたはわたしが主であることを知るのである。
14 Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”
わたしはまた手を彼らの上に伸べて、その地を荒し、すべて彼らの住む所を、荒野からリブラまで荒れ地とする。これによって彼らはわたしが主であることを知るようになる」。

< Hezekiel 6 >