< Hezekiel 47 >

1 Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe.
Then the man took me back to the entrance to the temple, and there was water flowing out from under the temple threshold of the house toward the east—for the front of the temple faced east—and the water was flowing down the south side of the temple, to the right of the altar.
2 Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo.
So he brought me out through the northern gate and led around to the gate facing east, and there the water was flowing from this gate on its south side.
3 Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃, eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me.
As the man was going toward the east, there was a measuring line in his hand; he measured off one thousand cubits and brought me through the water to ankle-deep water.
4 Egadzidze mita alafa atɔ̃ bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo klonu la me. Edzidze mita alafa atɔ̃ bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo ali la me.
Then he measured one thousand cubits again and brought me through the water to knee-deep water; and he measured another thousand cubits and brought me to hip-deep water.
5 Egadzidze mita alafa atɔ̃ bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o.
Next he measured off another thousand cubits, but it was a river that I could not cross through because the water had risen and was deep enough to swim in—it was a river that could not be crossed.
6 Ebiam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia?” Azɔ la, ekplɔm yi tɔsisi la to.
The man said to me, “Son of man, do you see this?” and he brought me out and had me walk back along the riverbank.
7 Esi meɖo afi ma la, mekpɔ ati geɖewo le tɔsisi la ƒe axa eveawo.
As I walked back, there the riverbank had many trees on this side and also the other side.
8 Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi.
The man said to me, “This water is going out to the eastern territory and down to the Arabah; this water flows into the Salt Sea and will make it fresh.
9 Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe.
It will be that every living creature that swarms will live where the water goes; there will be many fish, for these waters flow there. It will make the salt water fresh. Everything will live wherever the river goes.
10 Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene.
Then it will happen that fishermen of En Gedi will stand by the water, and there will be a place to dry out the fishing nets by En Eglaim. There will be many kinds of fish in the Salt Sea, like the fish in the Great Sea for their abundance.
11 Ke eƒe siiwo kple tawo matrɔ o, ke boŋ woagblẽ wo ɖi na dze.
But the Salt Sea's swamps and marshes will not be made fresh; they will be for providing salt.
12 Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.”
Beside this river on its banks, on both sides, all kinds of trees will grow that bear food. Their leaves will not wither and their fruit will never fail to grow. Each month the trees will bear fruit, because the water from the sanctuary flows to them. Their fruit will be for food, and their leaves will be for healing.
13 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef.
The Lord Yahweh says this: This will be the way that you divide the land up for the twelve tribes of Israel: Joseph will have two portions.
14 Ele be miama anyigba la sɔsɔe ɖe wo dome, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be matsɔe ana mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu.
You are to divide equally what I lifted up my hand and swore to give to your fathers. This land will come to you as an inheritance.
15 “Esiae anye anyigba la ƒe liƒowo. “Le anyiehe lɔƒo la, liƒo la atso Atsiaƒu Gã la nu, ato Hetlon ayi Lebo Hamat va se ɖe Zedad.
This will be the boundary of the land on the north side from the Great Sea by way of Hethlon, and then to Zedad.
16 Berota kple Sibraim, afi si le liƒo si le Damasko kple Hamat dzi, ayi keke Hazer Hatikon, le Hauran ƒe liƒo dzi.
Then the boundary will go to Berothah, to Sibraim, which is between Damascus and Hamath, and then to Hazer Hattikon, which is beside the boundary of Hauran.
17 Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la.
So the boundary will go from the sea to Hazar Enan on the border with Damascus and Hamath to the north. This will be the north side.
18 Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la.
On the east side the boundary will run between Hauran and Damascus, along the Jordan River between Gilead and the land of Israel. You will measure from the border to the eastern sea. This will be the eastern border.
19 Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la.
Then on the south side the boundary will run from Tamar as far as the waters of Meribah Kadesh, then along the brook of Egypt to the Great Sea. This will be the boundary on the south side.
20 Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la.
Then the boundary on the west side will be the Great Sea to a point opposite Lebo Hamath. This will be the west side.
21 “Ele be miama anyigba la ɖe mia dome ɖe Israel ƒe toawo nu.
In this way you will divide this land for yourselves, for the tribes of Israel.
22 Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome.
So you will distribute the inheritances for yourselves and for the foreigners in your midst, those who have given birth to children in your midst and who are, with you, like the native born people of Israel. You will cast lots for inheritances among the tribes of Israel.
23 To sia to si me amedzro la tsi la, afi mae miana eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Then it will happen that the foreigner will be with the tribe among whom he is living. You must give him an inheritance—this is the Lord Yahweh's declaration.”

< Hezekiel 47 >