< Hezekiel 46 >

1 “‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi.
主なる神は、こう言われる、内庭にある東向きの門は、働きをする六日の間は閉じ、安息日にはこれを開き、またついたちにはこれを開け。
2 Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me.
君たる者は、外から門の廊をとおってはいり、門の柱のかたわらに立て。そのとき祭司たちは、燔祭と酬恩祭とをささげ、彼は門の敷居で、礼拝して出て行くのである。しかし門は夕暮まで閉じてはならない。
3 Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu.
国の民は安息日と、ついたちとに、その門の入口で主の前に礼拝をせよ。
4 Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o.
君たる者が、安息日に主にささげる燔祭は、六頭の無傷の小羊と、一頭の無傷の雄羊とである。
5 Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu.
また素祭は雄羊のために麦粉一エパ、小羊のための素祭は、その人のささげうる程度とし、麦粉一エパに油一ヒンを加えよ。
6 Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o.
ついたちには無傷の雄牛の子一頭、六頭の小羊および一頭の雄羊をささげよ。これらはすべて無傷のものでなければならない。
7 Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu.
素祭は雄牛のために麦粉一エパ、雄羊のために麦粉一エパ、小羊のためには、その人のささげうる程度のものを供えよ。また麦粉一エパに油一ヒンを加えよ。
8 Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke.
君たる者がはいる時は門の廊の道からはいり、またその道から出よ。
9 “‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me.
国の民が、祝い日に主の前に出る時、礼拝のため、北の門の道からはいる者は、南の門の道から出て行き、南の門の道からはいる者は、北の門の道から出て行け。そのはいった門の道からは、帰ってはならない。まっすぐに進んで、出て行かなければならない。
10 Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go.
彼らがはいる時、君たる者は、彼らと共にはいり、彼らが出る時、彼も出なければならない。
11 “‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu.
祭日と祝い日には、素祭として、若い雄牛のために麦粉一エパ、雄羊のために麦粉一エパ、小羊のためには、その人のささげうる程度のものを供え、麦粉一エパには油一ヒンを加えよ。
12 Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la.
また君たる者が、心からの供え物として、燔祭または酬恩祭を主にささげる時は、彼のために東に面した門を開け。彼は安息日に行うように、その燔祭と酬恩祭を供え、そして退出する。その退出の後、門は閉ざされる。
13 “‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi.
彼は日ごとに一歳の無傷の小羊を燔祭として、主にささげなければならない。すなわち朝ごとに、これをささげなければならない。
14 Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ.
彼は朝ごとに、素祭をこれに添えてささげなければならない。すなわち麦粉一エパの六分の一に、これを潤す油一ヒンの三分の一を、素祭として主にささげなければならない。これは常燔祭のおきてである。
15 Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa.
すなわち朝ごとに常燔祭として、小羊と素祭と油とをささげなければならない。
16 “‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me.
主なる神は、こう言われる、君たる者が、もしその嗣業から、その子のひとりに財産を与える時は、それはその子らの嗣業の所有となる。
17 Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe.
しかし彼がその奴隷のひとりに、嗣業の一部分を与える時は、それは彼の解放の年まで、その人に属していて、その後は君たる人に帰る。彼の嗣業は、ただその子らにだけ伝わるべきである。
18 Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’”
君たる者はその民の嗣業を取って、その財産を継がせないようにしてはならない。彼はただ、自分の財産のうちから、その子らにその嗣業を、与えなければならない。これはわが民のひとりでも、その財産を失わないためである」。
19 Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
こうして彼はわたしを連れて、門のかたわらの入口から、北向きの祭司の聖なる室に、はいらせた。見ると、西の奥の方に一つの場所があった。
20 Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.”
彼はわたしに言った、「これは祭司たちが愆祭および罪祭のものを煮、素祭のものを焼く所である。これは外庭にそれらを携え出て、聖なるべきことを、民にうつさないためである」。
21 Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi.
彼はまたわたしを外庭に連れ出し、庭の四すみを通らせた。見よ、庭のこのすみにも庭があり、また庭のかのすみにも庭があった。
22 Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi.
すなわち庭の四すみに小さい庭があり、長さ四十キュビト、幅三十キュビトで、四つとも同じ大きさである。
23 Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo.
その四つの小さい庭の内部の四方には、石の壁があり、周囲の壁の下に、物を煮る所が設けてあった。
24 Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”
彼はわたしに言った、「これらは宮の仕え人たちが、民のささげる犠牲のものを煮る台所である」。

< Hezekiel 46 >