< Hezekiel 41 >

1 Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe.
Then the man brought me into the temple's holy place and measured the doorposts—six cubits in width on either side.
2 Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo.
The width of the doorway was ten cubits; the wall on each side was five cubits in length. Then the man measured the dimensions of the holy place—forty cubits in length and twenty cubits in width.
3 Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe domegliwo: ɖe sia ɖe keke mita ɖeka. Mɔnu la keke mita etɔ̃, eye gli siwo le eƒe axawo dzi la keke mita etɔ̃ kple afã.
Then the man went into the very holy place and measured the posts of the doorway—two cubits, and the doorway was six cubits in width. The walls on either side were seven cubits in width.
4 Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.”
Then he measured the room's length—twenty cubits. Its width—twenty cubits to the front of the temple hall. Then he said to me, “This is the most holy place.”
5 Tete wòdzidze gbedoxɔ la ƒe gliwo; etri mita etɔ̃, eye axadzixɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe keke mita eve.
Then the man measured the wall of the house—it was six cubits thick. The width of each side room around the house was four cubits in width.
6 Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o.
There were side rooms on three levels, one room above another, thirty rooms on each level. There were ledges around the wall of the house, to support all of the side rooms, for there was no support put in the wall of the house.
7 Axadzixɔawo le ɖoɖo gbãtɔ me mekeke abe evelia me tɔwo ene o, eye woawo hã mekeke abe ɖoɖo etɔ̃lia me tɔwo ene o. Atrakpuiwo tso ɖoɖo gbãtɔ yi ɖoɖo etɔ̃lia to ɖoɖo titinatɔ me.
So the side rooms widened and went around going up, for the house went around higher and higher all around; the rooms widened as the house went up, and a stairway went up to the highest level, through the middle level.
8 Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃.
Then I saw a raised part all around the house, the foundation for the side chambers; it measured a full stick in height—six cubits.
9 Axadzixɔawo ƒe gli egodotɔ tri mita eve kple afã. Teƒe si tsi anyi le axadzixɔawo
The width of the wall of the side rooms on the outside was five cubits. There was an open space to the outside of these rooms in the sanctuary.
10 kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome la keke mita ewo ƒo xlã gbedoxɔ la.
On the other side of this open space were the priests' outer side rooms; this space was twenty cubits in width all around the sanctuary.
11 Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo.
There were doors into the side rooms from another open space—one doorway was on the north side, and the other on the south side. The width of this open area was five cubits all around.
12 Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃.
The building that faced the courtyard on the west side was seventy cubits in width. Its wall measured five cubits thick all around, and it was ninety cubits in length.
13 Azɔ la, edzidze gbedoxɔ la. Edidi mita blaatɔ̃, eye gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu kple xɔ la ƒe gliwo hã didi nenema ke.
Then the man measured the sanctuary—one hundred cubits in length. The separated building, its wall, and the courtyard also measured one hundred cubits in length.
14 Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣedzeƒe lɔƒo kple gbedoxɔ la ŋgɔ keke mita blaatɔ̃.
The width of the front of the courtyard in front of the sanctuary was also one hundred cubits.
15 Le esia megbe la, edzidze xɔ si dze ŋgɔ xɔxɔnu si le gbedoxɔ la megbe la kple dziƒoxɔ siwo le gbedoxɔ la me le akpa ɖe sia ɖe, eye wode mita blaatɔ̃. Gbedoxɔ egodotɔ kple emetɔ kple akpata si dze ŋgɔ xɔxɔnu la,
Then the man measured the length of the building behind the sanctuary, to its west, and the galleries on either side—one hundred cubits. The holy place and the portico,
16 kple fesre sue kple xɔmedziƒoxɔ siwo ƒo xlã nu etɔ̃awo; wofa ʋuƒo ɖe wo kple anyigba kpakple gliawo ŋu va se ɖe fesreawo te.
the inner walls and the windows, including the narrow windows, and the galleries all around on three levels, were all paneled in wood.
17 Le teƒe si le gbedoxɔ emetɔ ƒe ʋɔtru tame kple gliawo ŋu le dometsotso mamlɛtɔ si ƒo xlã gbedoxɔ emetɔ kple egodotɔ ŋu la,
Above the entryway to the inner sanctuary and spaced along the walls there was a measured pattern.
18 kerubiwo kple deti siwo wokpa la li. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe.
It was decorated with cherubim and palm trees; with a palm tree between each cherub, and each cherub had two faces:
19 Ame ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa ɖeka, eye dzata ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa kemɛ. Wokpa wo ɖe gliawo ŋu ƒo xlã gbedoxɔ blibo la.
the face of a man looked toward a palm tree on one side, and the face of a young lion looked toward a palm tree on the other side. They were carved all around the entire house.
20 Tso anyigba yi teƒe si le ʋɔtru la tame la, wokpa kerubiwo kple detiwo ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe gliwo ŋu.
From the ground to above the doorway, cherubim and palm trees were carved on the outer wall of the house.
21 Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene.
The gate posts of the holy place were square. Their appearance was like the appearance of
22 Ativɔsamlekpui si kɔ mita ɖeka kple afã, eye eƒe axawo didi mita ɖeka la, wowɔ eƒe dzogoewo, ete kple eƒe axawo kple ati. Ame la gblɔ nam be, “Esiae nye kplɔ̃ si le Yehowa ŋkume.”
the wooden altar in front of the holy place, which was three cubits high and two cubits in length on each side. Its corner posts, base, and frame were made of wood. Then the man said to me, “This is the table that stands before Yahweh.”
23 Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu.
There were double doors for the holy place and the most holy place.
24 Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve.
These doors had two hinged door panels each, two panels for one door and two panels for the other.
25 Wokpa kerubiwo kple detiwo abe esiwo wokpa ɖe gliawo ŋuti la ene ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la ŋgɔ.
Carved on them—on the doors of the holy place—were cherubim and palm trees just as the walls were decorated, and there was a wooden roof over the portico at the front.
26 Fesre sue siwo ƒe akpa eveawo ŋu wokpa detiwo ɖo la, le akpata la ƒe axadzigliwo ŋu. Agbaliwo le gbedoxɔ la ƒe axadzixɔawo hã ŋu.
There were narrow windows and palm trees on either side of the portico. These were the side rooms of the house, and they also had overhanging roofs.

< Hezekiel 41 >