< Hezekiel 40 >

1 Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae.
我們被擄掠第二十五年,耶路撒冷城攻破後十四年,正在年初,月之初十日,耶和華的靈降在我身上,他把我帶到以色列地。
2 Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene.
在上帝的異象中帶我到以色列地,安置在至高的山上;在山上的南邊有彷彿一座城建立。
3 Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi.
他帶我到那裏,見有一人,顏色如銅,手拿麻繩和量度的竿,站在門口。
4 Amea gblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ nu kple wò ŋkuwo, nàse nu kple wò towo, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si mafia wò la ŋu, elabena eya tae wokplɔ wò va afi sia ɖo. Gblɔ nu sia nu si nàkpɔ la na Israel ƒe aƒe la.”
那人對我說:「人子啊,凡我所指示你的,你都要用眼看,用耳聽,並要放在心上。我帶你到這裏來,特為要指示你;凡你所見的,你都要告訴以色列家。」
5 Mekpɔ gli aɖe si ƒo xlã gbedoxɔ la ƒe teƒe kpe ɖo. Dzidzeti si le ŋutsu la si la didi mita etɔ̃. Edzidze gli la; gli la tri dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka.
我見殿四圍有牆。那人手拿量度的竿,長六肘,每肘是一肘零一掌。他用竿量牆,厚一竿,高一竿。
6 Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka.
他到了朝東的門,就上門的臺階,量門的這檻,寬一竿;又量門的那檻,寬一竿。
7 Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka.
又有衛房,每房長一竿,寬一竿,相隔五肘。門檻,就是挨着向殿的廊門檻,寬一竿。
8 Edzidze agbo la ƒe akpata wòkeke dzidzeti ɖeka,
他又量向殿門的廊子,寬一竿。
9 eye wòdidi mita ene. Yaxɔƒe si le agboa nu la dze ŋgɔ gbedoxɔ la.
又量門廊,寬八肘,牆柱厚二肘;那門的廊子向着殿。
10 Xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la nu ƒe akpa ɖe sia ɖe; dzidzeme ɖeka li na wo ame etɔ̃awo, eye gli ɖe sia ɖe si do ɖe ŋgɔ la ƒe ŋkume nye didime ma ke.
東門洞有衛房:這旁三間,那旁三間,都是一樣的尺寸;這邊的柱子和那邊的柱子,也是一樣的尺寸。
11 Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke mita atɔ̃ eye wòdidi mita ade kple afã.
他量門口,寬十肘,長十三肘。
12 Gli si kɔ mita afã la le xɔvi ɖe sia ɖe nu, eye xɔviawo ƒe didime kple kekeme siaa nye mita etɔ̃.
衛房前展出的境界:這邊一肘,那邊一肘;衛房這邊六肘,那邊六肘。
13 Emegbe la, edzidze agbo la ƒe mɔnu tso xɔvi ɖeka ƒe gli megbetɔ ŋu yi xɔvi si dze ŋgɔe la ƒe gli gbɔ va se ɖe evelia megbe, wòdidi mita wuieve kple afã tso mɔnu yi mɔnu si dze ŋgɔ nɔvia.
又量門洞,從這衛房頂的後檐到那衛房頂的後檐,寬二十五肘;衛房門與門相對。
14 Edzidze gli siwo do ɖe ŋgɔ la ŋkume ƒo xlã agbo la nu wòde mita blaetɔ̃ va se ɖe agbo la ƒe akpata gbɔ le goawo katã me.
又量廊子六十肘,牆柱外是院子,有廊為界,在門洞兩邊。
15 Tso agboa nu yi akpata la ƒe seƒe la le mita blaeve vɔ atɔ̃.
從大門口到內廊前,共五十肘。
16 Xɔviawo kple gli siwo do ɖe ŋgɔ le agbo la ƒe mɔnu la, mɔnu suesuewo ƒo xlã wo abe yaxɔƒe la ene, eye wo katã wotrɔ mo ɖo ɖe eme lɔƒo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu.
衛房和門洞兩旁柱間並廊子,都有嚴緊的窗櫺;裏邊都有窗櫺,柱上有雕刻的棕樹。
17 Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu si le egodo afi si xɔviwo le. Woɖo kpe ɖe anyigba godoo kpe ɖo. Xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe ɖo atsyɔ̃ na wo nu.
他帶我到外院,見院的四圍有鋪石地;鋪石地上有屋子三十間。
18 Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu. Esiae nye kpenyigba si le anyigbeme lɔƒo.
鋪石地,就是矮鋪石地在各門洞兩旁,以門洞的長短為度。
19 Edzidze didime si le agbo etetɔ kple xɔxɔnu emetɔ dome. Edidi mita blaatɔ̃ le ɣedzeƒe kple anyiehe siaa.
他從下門量到內院外,共寬一百肘,東面北面都是如此。
20 Emegbe la, edzidze anyiehegbo la ƒe didime kple kekeme siaa yi ɖe xɔxɔnu egodotɔ gbɔ.
他量外院朝北的門,長寬若干。
21 Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
門洞的衛房,這旁三間,那旁三間。門洞的柱子和廊子,與第一門的尺寸一樣。門洞長五十肘,寬二十五肘。
22 Eƒe mɔnuwo, akpata la kple eƒe detitatawo ƒe dzidzemewo le abe ɣedzeƒegbo la tɔwo ene. Atrakpui adre le eŋu, eye eƒe akpata le atrakpuiawo xa.
其窗櫺和廊子,並雕刻的棕樹,與朝東的門尺寸一樣。登七層臺階上到這門,前面有廊子。
23 Agbo aɖe le xɔxɔnu egodotɔ ŋu dze ŋgɔ anyiehegbo la abe ale si ɖeka nɔ ɣedzeƒe ene. Edzidze nu tso agbo ɖeka nu yi esi le eƒe axadzi gbɔ, wòle mita blaatɔ̃.
內院有門與這門相對,北面東面都是如此。他從這門量到那門,共一百肘。
24 Tete wòkplɔm yi dziehe lɔƒo, eye mekpɔ agbo aɖe si dze ŋgɔ dziehe lɔƒo. Edzidze eƒe gliwo kple eƒe akpata wole abe bubuawo tɔwo ene.
他帶我往南去,見朝南有門,又照先前的尺寸量門洞的柱子和廊子。
25 Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
門洞兩旁與廊子的周圍都有窗櫺,和先量的窗櫺一樣。門洞長五十肘,寬二十五肘。
26 Atrakpui adre nɔ ete, eye eƒe akpata nɔ woƒe akpa eveawo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu le akpa ɖe sia ɖe me.
登七層臺階上到這門,前面有廊子;柱上有雕刻的棕樹,這邊一棵,那邊一棵。
27 Agbo aɖe le xɔxɔnu emetɔ hã ŋu, eye wòdze ŋgɔ dziehe. Edzidze nu tso agbo sia nu yi agbo egodotɔ si nɔ dziehe lɔƒo wòde mita blaatɔ̃.
內院朝南有門。從這門量到朝南的那門,共一百肘。
28 Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu emetɔ to dziehegbo la nu; edzidze dziehegbo la, eye wònɔ abe bubuawo ene.
他帶我從南門到內院,就照先前的尺寸量南門。
29 Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la nu kple eƒe akpata la ŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
衛房和柱子,並廊子都照先前的尺寸。門洞兩旁與廊子的周圍都有窗櫺。門洞長五十肘,寬二十五肘。
30 Akpata siwo ƒo xlã xɔxɔnu emetɔ la keke mita wuieve kple afã, eye wode eme mita eve kple afã.
周圍有廊子,長二十五肘,寬五肘。
31 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ; detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo, eye atrakpui enyi nɔ ete.
廊子朝着外院,柱上有雕刻的棕樹。登八層臺階上到這門。
32 Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu emetɔ si le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòdzidze agbo la; eƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene.
他帶我到內院的東面,就照先前的尺寸量東門。
33 Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
衛房和柱子,並廊子都照先前的尺寸。門洞兩旁與廊子的周圍都有窗櫺。門洞長五十肘,寬二十五肘。
34 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo le eƒe axa eveawo dzi, eye atrakpui enyi nɔ ete.
廊子朝着外院。門洞兩旁的柱子都有雕刻的棕樹。登八層臺階上到這門。
35 Le esia megbe la, ekplɔm yi anyiehegbo la gbɔ, eye wòdzidzee. Eƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene,
他帶我到北門,就照先前的尺寸量那門,
36 abe eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ene, eye fesrewo nɔ eŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
就是量衛房和柱子,並廊子。門洞周圍都有窗櫺;門洞長五十肘,寬二十五肘。
37 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na sɔtiawo le akpa eveawo, eye atrakpui enyi le ete.
廊柱朝着外院。門洞兩旁的柱子都有雕刻的棕樹。登八層臺階上到這門。
38 Xɔ aɖe li si ƒe mɔnu le akpata la ŋu le agbo emetɔ ɖe sia ɖe ŋu, afi siae wokpalaa numevɔsawo le.
門洞的柱旁有屋子和門;祭司在那裏洗燔祭牲。
39 Le akpata si le agbo la nu me la, kplɔ̃ eve le axa ɖe sia ɖe dzi. Kplɔ̃ siawo dzi wowua numevɔsalãwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple fɔɖivɔsalãwo le.
在門廊內,這邊有兩張桌子,那邊有兩張桌子,在其上可以宰殺燔祭牲、贖罪祭牲,和贖愆祭牲。
40 Le akpata la ƒe gli egodotɔ, te ɖe agbo la nu kple atrakpuiawo ŋu le anyiehegbo la nu la, kplɔ̃ eve li, eye eve bubu hã gale atrakpuiawo ƒe akpa kemɛ.
上到朝北的門口,這邊有兩張桌子,門廊那邊也有兩張桌子。
41 Ale kplɔ̃ ene le agbo la ƒe akpa ɖeka, eye kplɔ̃ ene bubu gale agbo la ƒe akpa kemɛ hã; wonye kplɔ̃ enyi siwo dzi wowua vɔsalãwo le.
門這邊有四張桌子,那邊有四張桌子,共八張;在其上祭司宰殺犧牲。
42 Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu.
為燔祭牲有四張桌子,是鑿過的石頭做成的,長一肘半,寬一肘半,高一肘。祭司將宰殺燔祭牲和平安祭牲所用的器皿放在其上。
43 Woklã nu siwo woatsɔ nuwo akui, eye nu eve li na ɖe sia ɖe la ɖe gliawo ŋu kpe ɖo. Ɖe sia ɖe didi abe asi ɖeka ene. Kplɔ̃awo li na vɔsawo ƒe lãwo.
有鉤子,寬一掌,釘在廊內的四圍。桌子上有犧牲的肉。
44 Le agbo egodotɔ godo, le xɔxɔnu emetɔ me la, xɔ eve li, ɖeka le anyiehegbo la xa, eye wòdze ŋgɔ dziehe; evelia le agbo si le dziehe gome la xa, eye wòdze ŋgɔ anyiehe.
在北門旁,內院裏有屋子,為歌唱的人而設。這屋子朝南;在南門旁,又有一間朝北。
45 Egblɔ nam be, “Xɔ si dze ŋgɔ dziehe gome lae nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ,
他對我說:「這朝南的屋子是為看守殿宇的祭司;
46 eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.”
那朝北的屋子是為看守祭壇的祭司。這些祭司是利未人中撒督的子孫,近前來事奉耶和華的。」
47 Edzidze xɔxɔnu la; eƒe didime sɔ kple eƒe kekeme si nye mita blaatɔ̃. Vɔsamlekpui la le gbedoxɔ la ŋgɔ.
他又量內院,長一百肘,寬一百肘,是見方的。祭壇在殿前。
48 Ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo; wokeke mita eve kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Eƒe mɔnu keke mita adre, eye eƒe gliwo keke mita ɖeka kple afã le akpa ɖe sia ɖe.
於是他帶我到殿前的廊子,量廊子的牆柱。這面厚五肘,那面厚五肘。門兩旁,這邊三肘,那邊三肘。
49 Akpata la keke mita ewo, eye wòdidi mita ade tso ŋgɔ yi megbe. Atrakpuiwo le ete, eye sɔtiwo le domegliawo ƒe akpa ɖe sia ɖe.
廊子長二十肘,寬十一肘。上廊子有臺階。靠近牆柱又有柱子,這邊一根,那邊一根。

< Hezekiel 40 >