< Hezekiel 4 >

1 “Azɔ la, ame vi, tsɔ anyikpe aɖe, dae ɖe wò ŋkume, eye nàta Yerusalem du la ɖe edzi.
And thou, son of man, take thee a tile, and lay it before thee, and portray upon it a city, even Jerusalem.
2 Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe.
And lay siege against it, and build a tower against it, and cast up a mound against it; set a camp also against it, and place battering-rams against it round about.
3 Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la.
Moreover, take thou an iron pan, and set it for a wall of iron between thee and the city; and set thy face against it, that it may be besieged; and lay siege against it. This shall be a sign to the house of Israel.
4 “Ekema nàmlɔ wò miamekpa dzi, eye nàtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe ɖokuiwò dzi. Ele na wò be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ŋkeke ale si nàmlɔ wò miamekpa dzi.
Lie thou also upon thy left side, and lay the iniquity of the house of Israel upon it. According to the number of days that thou shalt lie upon it, thou shalt bear their iniquity.
5 Metsɔ ŋkekewo ƒe xexlẽme ma ke na wò abe woƒe nu vɔ̃wo ƒe ƒewo ƒe xexlẽme ene. Ale hena ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke la, àtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo.
But for the years of their iniquity I appoint thee days, three hundred and ninety days; so long shalt thou bear the iniquity of the house of Israel.
6 “Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu.
And when thou hast brought them to an end, then lie upon thy right side, and bear the iniquity of the house of Judah forty days. I have appointed thee a day for a year.
7 Trɔ wò mo ɖo ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem gbɔ. Mègatsɔ naneke tsyɔ abɔ o, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu.
And set thy face against besieged Jerusalem, and uncover thine arm, and prophesy against it!
8 Mabla wò kple ka ale be màte ŋu atrɔ tso axa ɖeka dzi ayi evelia dzi o va se ɖe esime nàwu wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo nu.
And behold, I will lay bands upon thee, and thou shalt not turn thee from one side to another till thou hast ended the days of thy siege.
9 “Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke siwo me nàmlɔ axadzi.
Take thou also wheat, and barley, and beans, and lentiles, and millet, and spelt, and put them into one vessel, and make thereof thy bread for the number of days that thou shalt lie upon thy side; three hundred and ninety days shalt thou eat thereof.
10 Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi.
And thy food which thou eatest shall be by weight, twenty shekels a day; from time to time shalt thou eat it.
11 Kpe ɖe esia ŋu la, dzidze tsi hin ƒe mama adelia ƒe ɖeka, eye nànoe le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi.
Thou shalt also drink water by measure, the sixth part of a hin; from time to time shalt thou drink.
12 Ɖu nu la abe lubolo ene. Mee le ameawo ƒe ŋkume le dzo si wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi la dzi.”
Thou shalt also eat barley-cakes; and with dung that cometh out of man shalt thou bake them in their sight.
13 Yehowa gblɔ be, “Ale Israelviwo aɖu nu makɔmakɔ le dukɔwo dome, afi si manya wo aɖo ɖo.”
And Jehovah said, Even thus shall the sons of Israel eat their polluted food among the nations, whither I will drive them.
14 Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.”
Then said I: Ah! Lord Jehovah, behold, I have never been polluted; for from my youth until now have I not eaten that which died of itself, or was torn in pieces; neither hath unclean food come into my mouth.
15 Egblɔ nam be, “Enyo ŋutɔ; mana nàme wò abolo le dzo si wodo kple nyi ƒe afɔdzi la dzi ɖe esi wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi teƒe.”
Then he said to me: Behold, I give thee cow's dung for man's dung; and with that shalt thou prepare thy food.
16 Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me,
And he said to me: Son of man, behold, I will break the staff of bread in Jerusalem, and they shall eat bread by weight and with care, and they shall drink water by measure and in amazement;
17 elabena nuɖuɖu kple tsi magabɔ o. Ne wokpɔ wo nɔewo la, woƒe nu aku, eye woatsrɔ̃ le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
so that they shall be in want of bread and water, and be astonished one at another, and consume away for their iniquity.

< Hezekiel 4 >