< Hezekiel 39 >

1 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã.
“You, son of man, prophesy against Gog, and say, ‘The Lord GOD says: “Behold, I am against you, Gog, prince of Rosh, Meshech, and Tubal.
2 Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu.
I will turn you around, will lead you on, and will cause you to come up from the uttermost parts of the north; and I will bring you onto the mountains of Israel.
3 Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime.
I will strike your bow out of your left hand, and will cause your arrows to fall out of your right hand.
4 Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã.
You will fall on the mountains of Israel, you, and all your hordes, and the peoples who are with you. I will give you to the ravenous birds of every sort and to the animals of the field to be devoured.
5 Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
You will fall on the open field, for I have spoken it,” says the Lord GOD.
6 Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa.
“I will send a fire on Magog and on those who dwell securely in the islands. Then they will know that I am the LORD.
7 “‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel.
“‘“I will make my holy name known amongst my people Israel. I won’t allow my holy name to be profaned any more. Then the nations will know that I am the LORD, the Holy One in Israel.
8 Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe.
Behold, it comes, and it will be done,” says the Lord GOD. “This is the day about which I have spoken.
9 “‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ.
“‘“Those who dwell in the cities of Israel will go out and will make fires of the weapons and burn them, both the shields and the bucklers, the bows and the arrows, and the war clubs and the spears, and they will make fires with them for seven years;
10 Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
so that they will take no wood out of the field, and not cut down any out of the forests; for they will make fires with the weapons. They will plunder those who plundered them, and rob those who robbed them,” says the Lord GOD.
11 “‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime.
“‘“It will happen in that day, that I will give to Gog a place for burial in Israel, the valley of those who pass through on the east of the sea; and it will stop those who pass through. They will bury Gog and all his multitude there, and they will call it ‘The valley of Hamon Gog’.
12 “‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre.
“‘“The house of Israel will be burying them for seven months, that they may cleanse the land.
13 Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Yes, all the people of the land will bury them; and they will become famous in the day that I will be glorified,” says the Lord GOD.
14 Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko. “‘Le ɣleti adrea ƒe nuwuwu la, woagadze woƒe nudidi gɔme.
“‘“They will set apart men of continual employment who will pass through the land. Those who pass through will go with those who bury those who remain on the surface of the land, to cleanse it. After the end of seven months they will search.
15 Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime.
Those who search through the land will pass through; and when anyone sees a man’s bone, then he will set up a sign by it, until the undertakers have buried it in the valley of Hamon Gog.
16 Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’
Hamonah will also be the name of a city. Thus they will cleanse the land.”’
17 “Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu.
“You, son of man, the Lord GOD says: ‘Speak to the birds of every sort, and to every animal of the field, “Assemble yourselves, and come; gather yourselves on every side to my sacrifice that I sacrifice for you, even a great sacrifice on the mountains of Israel, that you may eat meat and drink blood.
18 Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan.
You shall eat the flesh of the mighty, and drink the blood of the princes of the earth, of rams, of lambs, and of goats, of bulls, all of them fatlings of Bashan.
19 Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu.
You shall eat fat until you are full, and drink blood until you are drunk, of my sacrifice which I have sacrificed for you.
20 Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
You shall be filled at my table with horses and charioteers, with mighty men, and with all men of war,” says the Lord GOD.’
21 “Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi.
“I will set my glory amongst the nations. Then all the nations will see my judgement that I have executed, and my hand that I have laid on them.
22 Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.
So the house of Israel will know that I am the LORD their God, from that day and forward.
23 Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu.
The nations will know that the house of Israel went into captivity for their iniquity, because they trespassed against me, and I hid my face from them; so I gave them into the hand of their adversaries, and they all fell by the sword.
24 Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo.
I did to them according to their uncleanness and according to their transgressions. I hid my face from them.
25 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta.
“Therefore the Lord GOD says: ‘Now I will reverse the captivity of Jacob and have mercy on the whole house of Israel. I will be jealous for my holy name.
26 Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o.
They will forget their shame and all their trespasses by which they have trespassed against me, when they dwell securely in their land. No one will make them afraid
27 Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume.
when I have brought them back from the peoples, gathered them out of their enemies’ lands, and am shown holy amongst them in the sight of many nations.
28 Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o.
They will know that I am the LORD their God, in that I caused them to go into captivity amongst the nations, and have gathered them to their own land. Then I will leave none of them captive any more.
29 Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
I won’t hide my face from them any more, for I have poured out my Spirit on the house of Israel,’ says the Lord GOD.”

< Hezekiel 39 >