< Hezekiel 35 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
Moreover, the word of the LORD came to me, saying,
2 “Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu,
“Son of man, set your face against Mount Seir and prophesy against it,
3 eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee.
and declare that this is what the Lord GOD says: Behold, I am against you, O Mount Seir. I will stretch out My hand against you and make you a desolate waste.
4 Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
I will turn your cities into ruins, and you will become a desolation. Then you will know that I am the LORD.
5 “‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la,
Because you harbored an ancient hatred and delivered the Israelites over to the sword in the time of their disaster at the final stage of their punishment,
6 eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo.
therefore as surely as I live, declares the Lord GOD, I will give you over to bloodshed and it will pursue you. Since you did not hate bloodshed, it will pursue you.
7 Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi.
I will make Mount Seir a desolate waste and will cut off from it those who come and go.
8 Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã.
I will fill its mountains with the slain; those killed by the sword will fall on your hills, in your valleys, and in all your ravines.
9 Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’
I will make you a perpetual desolation, and your cities will not be inhabited. Then you will know that I am the LORD.
10 “Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã.
Because you have said, ‘These two nations and countries will be ours, and we will possess them,’ even though the LORD was there,
11 Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, ‘Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo.
therefore as surely as I live, declares the Lord GOD, I will treat you according to the anger and jealousy you showed in your hatred against them, and I will make Myself known among them when I judge you.
12 Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.”
Then you will know that I, the LORD, have heard every contemptuous word you uttered against the mountains of Israel when you said, ‘They are desolate; they are given to us to devour!’
13 Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo.
You boasted against Me with your mouth and multiplied your words against Me. I heard it Myself!
14 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe.
This is what the Lord GOD says: While the whole earth rejoices, I will make you desolate.
15 Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.”’”
As you rejoiced when the inheritance of the house of Israel became desolate, so will I do to you. You will become a desolation, O Mount Seir, and so will all of Edom. Then they will know that I am the LORD.

< Hezekiel 35 >