< Hezekiel 34 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
La parole de l'Eternel me fut encore [adressée], en disant:
2 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa?
Fils d'homme, prophétise contre les Pasteurs d'Israël; prophétise, et dis à ces Pasteurs: ainsi a dit le Seigneur l'Eternel: malheur aux Pasteurs d'Israël qui ne paissent qu'eux-mêmes! Les pasteurs ne paissent-ils pas le troupeau?
3 Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o.
Vous en mangez la graisse, et vous vous habillez de la laine; vous tuez ce qui est gras, [et] vous ne paissez point le troupeau!
4 Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo.
Vous n'avez point fortifié les brebis languissantes, vous n'avez point donné de remède à celle qui était malade, vous n'avez point bandé la plaie de celle qui avait la jambe rompue, vous n'avez point ramené celle qui était chassée, et vous n'avez point cherché celle qui était perdue; mais vous les avez maîtrisées avec dureté et rigueur.
5 Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo.
Et elles ont été dispersées, par la disette des Pasteurs, et elles ont été exposées à toutes les bêtes des champs, pour en être dévorées, étant dispersées.
6 Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’
Mes brebis ont été errantes par toutes les montagnes, et par tous les coteaux élevés; mes brebis ont été dispersées sur tout le dessus de la terre; et il n'y a eu personne qui les recherchât, et il n'y a eu personne qui s'en enquît.
7 “Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya.
C'est pourquoi Pasteurs, écoutez la parole de l'Eternel.
8 ‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la,
Je suis vivant, dit le Seigneur l'Eternel, si je ne [fais justice] de ce que mes brebis ont été exposées en proie, et de ce que mes brebis ont été exposées à être dévorées de toutes les bêtes des champs, parce qu'elles n'avaient point de Pasteur; et de ce que mes Pasteurs n'ont point recherché mes brebis, mais que les Pasteurs se sont nourris simplement eux-mêmes, et n'ont point fait paître mes brebis.
9 eya ta o, alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nyawo.’
C'est pourquoi Pasteurs, écoutez la parole de l'Eternel.
10 Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’
Ainsi a dit le Seigneur l'Eternel: Voici, j'en veux à ces Pasteurs-là, et je redemanderai mes brebis de leur main, je les ferai cesser de paître les brebis; et les pasteurs ne se repaîtront plus [uniquement] eux-mêmes, mais je délivrerai mes brebis de leur bouche, et elles ne seront plus dévorées par eux.
11 “Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi.
Car ainsi a dit le Seigneur l'Eternel: me voici, je redemanderai mes brebis, et je les rechercherai.
12 Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi.
Comme le Pasteur se trouvant parmi son troupeau, recherche ses brebis dispersées; ainsi je rechercherai mes brebis, et les retirerai de tous les lieux où elles auront été dispersées au jour de la nuée et de l'obscurité.
13 Maɖe wo tso dukɔwo me, maƒo ƒu wo tso anyigbawo dzi, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mana woaɖu gbe le Israel towo dzi, le Israel ƒe baliwo me kple amenɔƒewo katã le anyigba la dzi.
Je les retirerai donc d'entre les peuples, et les rassemblerai des pays, et les ramènerai dans leur terre, et les nourrirai sur les montagnes d'Israël, auprès des cours des eaux et dans toutes les demeures du pays.
14 Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi.
Je les paîtrai dans de bons pâturages, et leur parc sera dans les hautes montagnes d'Israël; et là elles coucheront dans un bon parc, et paîtront en de gras pâturages sur les montagnes d'Israël.
15 Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Moi-même je paîtrai mes brebis, et les ferai reposer, dit le Seigneur l'Eternel.
16 Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.
Je chercherai celle qui sera perdue, et je ramènerai celle qui sera chassée, je banderai la plaie de celle qui aura la jambe rompue, et je fortifierai celle qui sera malade; mais je détruirai la grasse et la forte; je les paîtrai par raison.
17 “Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome.
Mais quant à vous, mes brebis; ainsi a dit le Seigneur l'Eternel: voici, je m'en vais mettre à part les brebis, les béliers, et les boucs.
18 Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea?
Vous est-ce peu de chose d'être nourries de bonne pâture, que vous fouliez à vos pieds le reste de votre pâture? et de boire des eaux claires, que vous troubliez le reste avec vos pieds?
19 Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’
Mais mes brebis sont nourries de la pâture que vous foulez à vos pieds, et elles boivent ce que vos pieds ont troublé.
20 “Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome.
C'est pourquoi le Seigneur l'Eternel leur a dit ainsi: me voici, je mettrai moi-même à part la brebis grasse, et la brebis maigre.
21 Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la,
Parce que vous avez poussé du côté et de l'épaule, et que vous heurtez de vos cornes toutes celles qui sont languissantes, jusqu'à ce que vous les ayez chassées dehors;
22 maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome.
Je sauverai mon troupeau, tellement qu'il ne sera plus en proie, et je distinguerai entre brebis et brebis.
23 Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene.
Je susciterai sur elles un Pasteur qui les paîtra, [savoir] mon serviteur David; il les paîtra, et lui-même sera leur Pasteur.
24 Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe.
Et moi l'Eternel, je serai leur Dieu; et mon serviteur David sera Prince au milieu d'elles; moi l'Eternel j'ai parlé.
25 “‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.
Et je traiterai avec elles une alliance de paix; et je détruirai dans le pays les mauvaises bêtes; et [les brebis] habiteront au désert sûrement, et dormiront dans les forêts.
26 Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi.
Et je les comblerai de bénédiction, et tous les environs aussi de mon coteau; et je ferai tomber la pluie en sa saison; ce seront des pluies de bénédiction.
27 Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me.
Et les arbres des champs produiront leur fruit, et la terre rapportera son revenu; et elles seront en leur terre sûrement, et sauront que je suis l'Eternel, quand j'aurai rompu les bois de leur joug, et que je les aurai délivrées de la main de ceux qui se les asservissaient.
28 Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o.
Et elles ne seront plus en proie aux nations, [et] les bêtes de la terre ne les dévoreront plus; mais elles habiteront sûrement, et il n'y aura personne qui les épouvante.
29 Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o.
Je leur susciterai une plante célèbre; elles ne mourront plus de faim sur la terre, et elles ne porteront plus l'opprobre des nations.
30 Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Et ils sauront que moi l'Eternel leur Dieu suis avec eux, et qu'eux, la maison d'Israël, sont mon peuple, dit le Seigneur l'Eternel.
31 Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
Or vous êtes mes brebis, vous hommes, les brebis de mon pâturage, et je suis votre Dieu, dit le Seigneur l'Eternel.

< Hezekiel 34 >