< Hezekiel 33 >

1 Yehowa ƒe gbe va nam be,
καὶ ἐγένετο λόγος κυρίου πρός με λέγων
2 “Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla,
υἱὲ ἀνθρώπου λάλησον τοῖς υἱοῖς τοῦ λαοῦ σου καὶ ἐρεῖς πρὸς αὐτούς γῆ ἐφ’ ἣν ἂν ἐπάγω ῥομφαίαν καὶ λάβῃ ὁ λαὸς τῆς γῆς ἄνθρωπον ἕνα ἐξ αὐτῶν καὶ δῶσιν αὐτὸν ἑαυτοῖς εἰς σκοπόν
3 eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la,
καὶ ἴδῃ τὴν ῥομφαίαν ἐρχομένην ἐπὶ τὴν γῆν καὶ σαλπίσῃ τῇ σάλπιγγι καὶ σημάνῃ τῷ λαῷ
4 ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
καὶ ἀκούσῃ ὁ ἀκούσας τὴν φωνὴν τῆς σάλπιγγος καὶ μὴ φυλάξηται καὶ ἐπέλθῃ ἡ ῥομφαία καὶ καταλάβῃ αὐτόν τὸ αἷμα αὐτοῦ ἐπὶ τῆς κεφαλῆς αὐτοῦ ἔσται
5 Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui.
ὅτι τὴν φωνὴν τῆς σάλπιγγος ἀκούσας οὐκ ἐφυλάξατο τὸ αἷμα αὐτοῦ ἐπ’ αὐτοῦ ἔσται καὶ οὗτος ὅτι ἐφυλάξατο τὴν ψυχὴν αὐτοῦ ἐξείλατο
6 Ke ne gbetakpɔla la kpɔ yi la wògbɔna, eye meku kpẽ la be yeaɖo afɔ afɔta na ameawo o, eye yi la va wu wo dometɔ ɖeka la, woakplɔ ame la adzoe le eƒe nu vɔ̃ ta, gake mana gbetakpɔla la nana akɔnta le eƒe ʋu ŋuti.
καὶ ὁ σκοπός ἐὰν ἴδῃ τὴν ῥομφαίαν ἐρχομένην καὶ μὴ σημάνῃ τῇ σάλπιγγι καὶ ὁ λαὸς μὴ φυλάξηται καὶ ἐλθοῦσα ἡ ῥομφαία λάβῃ ἐξ αὐτῶν ψυχήν αὕτη διὰ τὴν αὑτῆς ἀνομίαν ἐλήμφθη καὶ τὸ αἷμα ἐκ τῆς χειρὸς τοῦ σκοποῦ ἐκζητήσω
7 “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye.
καὶ σύ υἱὲ ἀνθρώπου σκοπὸν δέδωκά σε τῷ οἴκῳ Ισραηλ καὶ ἀκούσῃ ἐκ στόματός μου λόγον
8 Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu.
ἐν τῷ εἶπαί με τῷ ἁμαρτωλῷ θανάτῳ θανατωθήσῃ καὶ μὴ λαλήσῃς τοῦ φυλάξασθαι τὸν ἀσεβῆ ἀπὸ τῆς ὁδοῦ αὐτοῦ αὐτὸς ὁ ἄνομος τῇ ἀνομίᾳ αὐτοῦ ἀποθανεῖται τὸ δὲ αἷμα αὐτοῦ ἐκ τῆς χειρός σου ἐκζητήσω
9 Ke ne ègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye wògbe la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò ya la, àɖe ɖokuiwò.
σὺ δὲ ἐὰν προαπαγγείλῃς τῷ ἀσεβεῖ τὴν ὁδὸν αὐτοῦ τοῦ ἀποστρέψαι ἀπ’ αὐτῆς καὶ μὴ ἀποστρέψῃ ἀπὸ τῆς ὁδοῦ αὐτοῦ οὗτος τῇ ἀσεβείᾳ αὐτοῦ ἀποθανεῖται καὶ σὺ τὴν ψυχὴν σαυτοῦ ἐξῄρησαι
10 “Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’
καὶ σύ υἱὲ ἀνθρώπου εἰπὸν τῷ οἴκῳ Ισραηλ οὕτως ἐλαλήσατε λέγοντες αἱ πλάναι ἡμῶν καὶ αἱ ἀνομίαι ἡμῶν ἐφ’ ἡμῖν εἰσιν καὶ ἐν αὐταῖς ἡμεῖς τηκόμεθα καὶ πῶς ζησόμεθα
11 Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’
εἰπὸν αὐτοῖς ζῶ ἐγώ τάδε λέγει κύριος οὐ βούλομαι τὸν θάνατον τοῦ ἀσεβοῦς ὡς τὸ ἀποστρέψαι τὸν ἀσεβῆ ἀπὸ τῆς ὁδοῦ αὐτοῦ καὶ ζῆν αὐτόν ἀποστροφῇ ἀποστρέψατε ἀπὸ τῆς ὁδοῦ ὑμῶν καὶ ἵνα τί ἀποθνῄσκετε οἶκος Ισραηλ
12 “Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’
εἰπὸν πρὸς τοὺς υἱοὺς τοῦ λαοῦ σου δικαιοσύνη δικαίου οὐ μὴ ἐξέληται αὐτὸν ἐν ᾗ ἂν ἡμέρᾳ πλανηθῇ καὶ ἀνομία ἀσεβοῦς οὐ μὴ κακώσῃ αὐτὸν ἐν ᾗ ἂν ἡμέρᾳ ἀποστρέψῃ ἀπὸ τῆς ἀνομίας αὐτοῦ καὶ δίκαιος οὐ μὴ δύνηται σωθῆναι
13 Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta.
ἐν τῷ εἶπαί με τῷ δικαίῳ οὗτος πέποιθεν ἐπὶ τῇ δικαιοσύνῃ αὐτοῦ καὶ ποιήσῃ ἀνομίαν πᾶσαι αἱ δικαιοσύναι αὐτοῦ οὐ μὴ ἀναμνησθῶσιν ἐν τῇ ἀδικίᾳ αὐτοῦ ᾗ ἐποίησεν ἐν αὐτῇ ἀποθανεῖται
14 Eye ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘Èle kuku ge godoo’ ke wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo,
καὶ ἐν τῷ εἶπαί με τῷ ἀσεβεῖ θανάτῳ θανατωθήσῃ καὶ ἀποστρέψῃ ἀπὸ τῆς ἁμαρτίας αὐτοῦ καὶ ποιήσῃ κρίμα καὶ δικαιοσύνην
15 ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o.
καὶ ἐνεχύρασμα ἀποδῷ καὶ ἅρπαγμα ἀποτείσῃ ἐν προστάγμασιν ζωῆς διαπορεύηται τοῦ μὴ ποιῆσαι ἄδικον ζωῇ ζήσεται καὶ οὐ μὴ ἀποθάνῃ
16 Womaɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi nɛ o. Ewɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe; anɔ agbe kokoko.
πᾶσαι αἱ ἁμαρτίαι αὐτοῦ ἃς ἥμαρτεν οὐ μὴ ἀναμνησθῶσιν ὅτι κρίμα καὶ δικαιοσύνην ἐποίησεν ἐν αὐτοῖς ζήσεται
17 “Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o.
καὶ ἐροῦσιν οἱ υἱοὶ τοῦ λαοῦ σου οὐκ εὐθεῖα ἡ ὁδὸς τοῦ κυρίου καὶ αὕτη ἡ ὁδὸς αὐτῶν οὐκ εὐθεῖα
18 Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta.
ἐν τῷ ἀποστρέψαι δίκαιον ἀπὸ τῆς δικαιοσύνης αὐτοῦ καὶ ποιήσῃ ἀνομίας καὶ ἀποθανεῖται ἐν αὐταῖς
19 Nenema ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe la, anɔ agbe to nu sia wɔwɔ me.
καὶ ἐν τῷ ἀποστρέψαι τὸν ἁμαρτωλὸν ἀπὸ τῆς ἀνομίας αὐτοῦ καὶ ποιήσῃ κρίμα καὶ δικαιοσύνην ἐν αὐτοῖς αὐτὸς ζήσεται
20 Ke, O! Israel ƒe aƒe, ègblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.”
καὶ τοῦτό ἐστιν ὃ εἴπατε οὐκ εὐθεῖα ἡ ὁδὸς κυρίου ἕκαστον ἐν ταῖς ὁδοῖς αὐτοῦ κρινῶ ὑμᾶς οἶκος Ισραηλ
21 Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe wuievelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe la, ŋutsu aɖe si si tso Yerusalem la va tum, eye wògblɔ nam be, “Wogbã du la!”
καὶ ἐγενήθη ἐν τῷ δωδεκάτῳ ἔτει ἐν τῷ δωδεκάτῳ μηνὶ πέμπτῃ τοῦ μηνὸς τῆς αἰχμαλωσίας ἡμῶν ἦλθεν ὁ ἀνασωθεὶς πρός με ἀπὸ Ιερουσαλημ λέγων ἑάλω ἡ πόλις
22 Azɔ la, fiẽ si do ŋgɔ na ŋutsu la ƒe vava la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eʋu nye nu hafi ŋutsu la va gbɔnye le ŋdi me. Ale nye nu ʋu, eye nyemegazi ɖoɖoe o.
καὶ ἐγενήθη ἐπ’ ἐμὲ χεὶρ κυρίου ἑσπέρας πρὶν ἐλθεῖν αὐτὸν καὶ ἤνοιξέν μου τὸ στόμα ἕως ἦλθεν πρός με τὸ πρωί καὶ ἀνοιχθέν μου τὸ στόμα οὐ συνεσχέθη ἔτι
23 Eye Yehowa ƒe gbe va nam be,
καὶ ἐγενήθη λόγος κυρίου πρός με λέγων
24 “Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’
υἱὲ ἀνθρώπου οἱ κατοικοῦντες τὰς ἠρημωμένας ἐπὶ τῆς γῆς τοῦ Ισραηλ λέγουσιν εἷς ἦν Αβρααμ καὶ κατέσχεν τὴν γῆν καὶ ἡμεῖς πλείους ἐσμέν ἡμῖν δέδοται ἡ γῆ εἰς κατάσχεσιν
25 Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?
διὰ τοῦτο εἰπὸν αὐτοῖς τάδε λέγει κύριος κύριος
26 Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’”
27 Gblɔ na wo be, alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame siwo susɔ ɖe du gbagbãwo me la atsi yi nu; matsɔ ame siwo le gbedzi la ade asi na lã wɔadãwo woavuvu wo, eye ame siwo le mɔ sesẽwo me kple agadowo me la, dɔvɔ̃ awu wo.
ζῶ ἐγώ εἰ μὴν οἱ ἐν ταῖς ἠρημωμέναις μαχαίρᾳ πεσοῦνται καὶ οἱ ἐπὶ προσώπου τοῦ πεδίου τοῖς θηρίοις τοῦ ἀγροῦ δοθήσονται εἰς κατάβρωμα καὶ τοὺς ἐν ταῖς τετειχισμέναις καὶ τοὺς ἐν τοῖς σπηλαίοις θανάτῳ ἀποκτενῶ
28 Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o.
καὶ δώσω τὴν γῆν ἔρημον καὶ ἀπολεῖται ἡ ὕβρις τῆς ἰσχύος αὐτῆς καὶ ἐρημωθήσεται τὰ ὄρη τοῦ Ισραηλ διὰ τὸ μὴ εἶναι διαπορευόμενον
29 Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta.
καὶ γνώσονται ὅτι ἐγώ εἰμι κύριος καὶ ποιήσω τὴν γῆν αὐτῶν ἔρημον καὶ ἐρημωθήσεται διὰ πάντα τὰ βδελύγματα αὐτῶν ἃ ἐποίησαν
30 “Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’
καὶ σύ υἱὲ ἀνθρώπου οἱ υἱοὶ τοῦ λαοῦ σου οἱ λαλοῦντες περὶ σοῦ παρὰ τὰ τείχη καὶ ἐν τοῖς πυλῶσι τῶν οἰκιῶν καὶ λαλοῦσιν ἄνθρωπος τῷ ἀδελφῷ αὐτοῦ λέγοντες συνέλθωμεν καὶ ἀκούσωμεν τὰ ἐκπορευόμενα παρὰ κυρίου
31 Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.
ἔρχονται πρὸς σέ ὡς συμπορεύεται λαός καὶ κάθηνται ἐναντίον σου καὶ ἀκούουσιν τὰ ῥήματά σου καὶ αὐτὰ οὐ μὴ ποιήσουσιν ὅτι ψεῦδος ἐν τῷ στόματι αὐτῶν καὶ ὀπίσω τῶν μιασμάτων ἡ καρδία αὐτῶν
32 Le nyateƒe me la, le wo gbɔ la, mènye naneke wu ame si tsɔa gbe vivi dzia lɔlɔ̃hawo, eye nèƒoa haƒonu aɖe nyuie ale be woase wò nyawo, ke womewɔa wo dzi o.
καὶ γίνῃ αὐτοῖς ὡς φωνὴ ψαλτηρίου ἡδυφώνου εὐαρμόστου καὶ ἀκούσονταί σου τὰ ῥήματα καὶ οὐ μὴ ποιήσουσιν αὐτά
33 “Ne nu siawo katã va eme, eye woava eme hã la, ekema woanya be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome.”
καὶ ἡνίκα ἂν ἔλθῃ ἐροῦσιν ἰδοὺ ἥκει καὶ γνώσονται ὅτι προφήτης ἦν ἐν μέσῳ αὐτῶν

< Hezekiel 33 >