< Hezekiel 32 >

1 Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be,
And it came to pass in the twelfth year, in the twelfth month, on the first day of the month, that the word of Jehovah came to me, saying:
2 “Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me, “‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo, Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me.
Son of man, take up a lamentation over Pharaoh, the king of Egypt, and say to him: —Thou art like a young lion among the nations; Thou art like a dragon in the seas; And thou camest forth into thy rivers, And troubledst the waters with thy feet, And didst disturb their rivers.
3 “‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye, Mada nye ɖɔ ɖe dziwò, Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me.
Thus saith the Lord Jehovah: I will therefore spread my net over thee, Amidst an assembly of many nations; And they shall draw thee up in my net.
4 Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi, Eye mada wò ɖe gbedzi, Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò, Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã Nanya avuzi le dziwò.
And I will throw thee upon the land, I will cast thee forth upon the open field, And I will cause all the birds of heaven to remain upon thee. And I will fill the beasts of the whole earth with thee;
5 Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi, Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua.
And I will lay thy flesh upon the mountains, And fill the valleys with thy heaps.
6 Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi, Ayi keke toawo te ke, Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã.
And I will water the land in which thou swimmest with thy blood, even to the mountains, And the streams shall be full of thee.
7 Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o.
And I will cover the heavens, when I quench thee, And make the stars thereof dark; I will cover the sun with a cloud, And the moon shall not give her light.
8 Dziƒokaɖi keklẽwo katã, Mana woado viviti ɖe dziwò. Mahe viviti ava wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
All the bright lights of heaven will I make dark over thee, And bring darkness upon thy land, Saith the Lord Jehovah.
9 Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi, Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ, Le dukɔwo dome. Le anyigba siwo mènya o la dzi.
And I will grieve the hearts of many nations, When I bring thy destruction among the nations, In lands which thou knowest not.
10 Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò, Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò, Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume. Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la, Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta.
Yea, I will make many people amazed at thee, And their kings shall shudder on account of thee, When I brandish my sword before them; And they shall tremble every moment, every one for his life, in the day of thy fall.
11 “‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ, “‘Babilonia fia ƒe yi Ado ɖe ŋuwò.
For thus saith the Lord Jehovah: The sword of the king of Babylon shall come upon thee;
12 Mana wò amewo natsi ame sesẽwo, Ame siwo sẽa ŋuta wu Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu. Woatsi Egipte ƒe dada nu, Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi.
By the swords of the mighty will I cause thy multitude to fall, All of them the terrible of the nations. And they shall bring to nothing the pride of Egypt, And all her multitude shall be destroyed.
13 Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã Tso tsi gãwo to, Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o, Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o.
I will also destroy all her beasts From beside the great waters; Neither shall the foot of man trouble them any more, Nor shall the hoofs of beasts trouble them.
14 Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi, Eye mana woatsa abe ami ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Then will I make their waters clear, And cause their rivers to run like oil, Saith the Lord Jehovah,
15 “Ne mena Egipte zu gbegbe, Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa, Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la, Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
When I shall make the land of Egypt desolate, And the country shall be destitute of all that was therein, When I shall smite all that dwell therein, That they may know that I am Jehovah.
16 “Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
This is the lamentation which they shall utter; the daughters of the nations shall utter it. For Egypt and for all her multitude shall they utter it, saith the Lord Jehovah.
17 Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
It came to pass also in the twelfth year, [[in the twelfth month, ]] on the fifteenth day of the month, that the word of Jehovah came to me, saying:
18 “Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime.
Son of man, wail for the multitude of Egypt, and cast her down, even her and the daughters of the famous nations, to the lower parts of the earth, to them that have gone down to the pit.
19 Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’
Art thou more beautiful than another? Come down and be laid with the uncircumcised!
20 Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo.
They shall fall in the midst of them that are slain by the sword. The sword is given; drag her away and all her multitudes!
21 Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’ (Sheol h7585)
The mightiest heroes from the midst of the pit shall speak to him and his helpers; For they are gone down, they lie uncircumcised, slain by the sword. (Sheol h7585)
22 “Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu.
There is Assyria and all her company; Her graves are round about her; All of them are slain, fallen by the sword;
23 Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu.
Her grave is made in the depths of the pit, And her company is round about her grave, All of them slain, fallen by the sword, They who caused terror in the land of the living.
24 “Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu.
There is Elam and all her company round about her grave, All of them slain, fallen by the sword; They are gone down uncircumcised to the lower parts of the earth, Who caused terror in the land of the living; They bear their shame with them that have gone down to the pit.
25 Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe.
Among the slain have they set her a bed with all her multitude; Her graves are round about her, All of them slain, uncircumcised, by the sword. Though they caused terror in the land of the living, Yet they bear their shame with them that have gone down to the pit; They are laid in the midst of the slain.
26 “Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
There is Meshech, Tubal, and all their multitude; Their graves are around them; All of them slain, uncircumcised, by the sword, Though they caused terror in the land of the living.
27 Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã. (Sheol h7585)
Shall they not lie with the mighty of the uncircumcised that are fallen, Who have gone down to the pit with their weapons of war, Having their swords laid under their heads, And their iniquity resting upon their bones, Though they were the terror of the mighty in the land of the living? (Sheol h7585)
28 “Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.
And thou also shalt be broken in the midst of the uncircumcised, And shalt lie down with them that are slain by the sword.
29 “Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome.
There is Edom, her kings and all her princes, Who in their might are laid with them that are slain by the sword; They lie down with the uncircumcised, With them that have gone down to the pit.
30 “Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime.
There are the princes of the North, All of them, and all the Sidonians, Who have gone down to the slain; In the midst of the terror of their might they are put to shame; They lie down uncircumcised with them that are slain by the sword, And bear their shame with them that have gone down to the pit.
31 “Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Pharaoh shall see them, And shall comfort himself over all his multitude; Even Pharaoh and all his army are slain by the sword, Saith the Lord Jehovah.
32 Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
Though I suffered him to spread terror in the land of the living, Yet is he laid in the midst of the uncircumcised, With them that are slain by the sword, Even Pharaoh and all his multitude, Saith the Lord Jehovah.

< Hezekiel 32 >