< Hezekiel 31 >

1 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
La onzième année, le premier jour du troisième mois, la parole de l'Éternel me fut adressée, en ces termes:
2 “Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be, “Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?
Fils de l'homme, dis à Pharaon, roi d'Égypte, et à sa multitude: A qui ressembles-tu dans ta grandeur?
3 Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon. Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi. Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo
Voici, l'Assyrie était un cèdre du Liban aux belles branches, au feuillage touffu, haut de taille et élevant sa cime jusqu'aux nues.
4 Tsiwo na nunyiamewoe, tsitsetse goglowo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete, eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati siwo katã le gbedzi la gbɔ.
Les eaux l'avaient fait croître, l'abîme l'avait fait monter fort haut, en faisant couler ses fleuves autour du lieu où il était planté, et en envoyant ses canaux à tous les arbres des champs.
5 Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta.
C'est pourquoi sa hauteur dépassait tous les arbres des champs; ses branches avaient multiplié, et ses rameaux s'étendaient, grâce à l'abondance des eaux qui le faisaient croître.
6 Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.
Tous les oiseaux des cieux nichaient dans ses branches, et toutes les bêtes des champs faisaient leurs petits sous ses rameaux, et de nombreuses nations habitaient toutes à son ombre.
7 Eɖi fia le eƒe nyonyo me, le eƒe alɔwo ƒe keke ta, elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me.
Il était beau dans sa grandeur et par l'étendue de ses branches; car ses racines plongeaient dans des eaux abondantes.
8 Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la mete ŋu ke ɖi kplii o, sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o, eye womate ŋu atsɔ xetiwo ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o. Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la, mede enu le nyonyo me o.
Les cèdres du jardin de Dieu ne lui ôtaient rien de son lustre; les cyprès n'égalaient point ses branches, et les platanes n'étaient point semblables à ses rameaux; aucun arbre du jardin de Dieu n'égalait sa beauté.
9 Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo, eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ, Mawu ƒe abɔ la me.
Je l'avais rendu beau par la multitude de ses branches, et tous les arbres d'Éden, qui étaient au jardin de Dieu, lui portaient envie.
10 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la,
C'est pourquoi, ainsi a dit le Seigneur, l'Éternel: Parce qu'il s'est élevé en hauteur, qu'il a produit une cime touffue, et que son cœur s'est enorgueilli de sa grandeur,
11 metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga,
Je l'ai livré entre les mains du puissant des nations, qui les traitera comme il fallait: je l'ai chassé à cause de ses crimes.
12 eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi.
Des étrangers, les plus terribles d'entre les nations, l'ont coupé et rejeté; ses branches sont tombées sur les montagnes et dans toutes les vallées, et ses rameaux se sont brisés dans tous les ravins du pays, et tous les peuples de la terre se sont retirés de dessous son ombre et l'ont abandonné.
13 Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome.
Tous les oiseaux des cieux se tiennent sur ses ruines, et toutes les bêtes des champs ont fait leur gîte de ses rameaux,
14 Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’
Afin qu'aucun des arbres arrosés d'eau ne garde plus sa hauteur, et ne lance plus sa cime touffue, afin que tous ceux qui sont arrosés d'eau ne gardent plus leur élévation; car tous sont livrés à la mort dans les profondeurs de la terre, parmi les enfants des hommes, avec ceux qui descendent dans la fosse.
15 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. (Sheol h7585)
Ainsi a dit le Seigneur, l'Éternel: Au jour qu'il descendit dans le Sépulcre, j'ai fait mener deuil; à cause de lui, je couvris l'abîme, et empêchai ses fleuves de couler, et les grandes eaux furent retenues; j'ai mis le Liban en deuil à cause de lui, et tous les arbres des champs en défaillirent. (Sheol h7585)
16 Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. (Sheol h7585)
J'ébranlai les nations par le bruit de sa chute, quand je l'ai précipité dans le Sépulcre, avec ceux qui descendent dans la fosse. Tous les arbres d'Éden, l'élite et le meilleur du Liban, tous arrosés d'eau, furent consolés dans les profondeurs de la terre. (Sheol h7585)
17 Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. (Sheol h7585)
Eux aussi sont descendus avec lui dans le Sépulcre, vers ceux que l'épée blessa à mort; ils étaient son bras, et habitaient à son ombre au milieu des nations. (Sheol h7585)
18 “‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
A qui ressembles-tu ainsi, en gloire et en grandeur, parmi les arbres d'Éden? Tu seras jeté bas avec les arbres d'Éden dans les profondeurs de la terre; tu seras couché au milieu des incirconcis, avec ceux que l'épée a blessés à mort. Tel sera Pharaon et toute sa multitude, dit le Seigneur, l'Éternel.

< Hezekiel 31 >