< Hezekiel 31 >
1 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
十一年三月一日,上主的話傳給我說:「
2 “Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be, “Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me?
人子,你要向埃及王法郎和他的民眾說:你的偉大相似誰呢﹖
3 Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon. Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi. Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo
看,你是一棵黎巴嫩香柏,枝葉美觀,蔭影濃密,枝幹高大,樹梢插入雲霄。
4 Tsiwo na nunyiamewoe, tsitsetse goglowo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete, eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati siwo katã le gbedzi la gbɔ.
水使它長大,淵泉使它長高;河水由四周流入栽植它之地,支流灌溉田中其他的樹木。
5 Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta.
為此它的枝幹高過田間的一切樹木,因為水多,生長時枝業繁茂,枝條特長。
6 Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.
天上的一切飛鳥在它枝幹上築巢,田間的野獸在他的枝葉下生子,各國的人民住在它的蔭影下。
7 Eɖi fia le eƒe nyonyo me, le eƒe alɔwo ƒe keke ta, elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me.
它的枝葉廣闊,高大華麗,因為它的根深入多水之地。
8 Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la mete ŋu ke ɖi kplii o, sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o, eye womate ŋu atsɔ xetiwo ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o. Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la, mede enu le nyonyo me o.
天主樂園中的香柏,都不能同它相比,扁柏不及它的枝幹,楓樹不及它的枝椏,天主樂園中所有的樹木都沒有它那樣美麗。
9 Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo, eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ, Mawu ƒe abɔ la me.
我使它枝葉茂盛而美麗,致令「伊甸」──天主樂園──中所有的樹木都嫉妒它。
10 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la,
因此吾主上主這樣說:因它枝幹高大,枝梢插入雲霄,遂因自己高大而心高氣傲。
11 metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga,
我必將它交在列國最強的人手中,他們要任意對待它;我必要因它的罪行而將它剷除;
12 eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi.
列國最兇殘的人必要將它伐倒,把它拋棄在山上;它的枝椏,倒臥在山谷中,枝條折落在一切窪地上;萬國的人民都要離開它的蔭影,而棄捨它;
13 Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome.
天上飛鳥都棲在它倒了的枝幹上,田間的各種野獸都停在它的枝條下,
14 Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’
這是為使一切有水滋潤的樹木,不要因自己的軀幹高大而自負,不要再讓枝梢插入雲霄,免得各種有水滋潤的樹木,因高聳而自大,因為他們都要歸於死亡,降到陰間,到那些已降入深淵的人子中。 ()
15 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. (Sheol )
吾主上主這樣說:在它下到陰府的那天,我要使人哀弔它;為了它我要使深淵閉塞,使江河凝結,洪水停流,使黎巴嫩為它舉哀,使田間所有的樹木因它而枯萎。 (Sheol )
16 Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. (Sheol )
當我使它下到陰府與已在深淵的人在一起時,也使列國因它下墜之聲而戰慄;那時「伊甸」中的各種樹木,黎巴嫩一切有水滋潤的華麗而高大的樹木,在陰間都感到安慰。 (Sheol )
17 Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. (Sheol )
那些在各國住在它蔭影下幫助過它的的人,也隨它下到陰府,同那喪身刀下的人在一起。「 (Sheol )
18 “‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
伊甸」的樹木中,就華麗和高大說,你相似那一棵﹖你也要同「伊甸」的樹木一起被推入陰間,在未受割損的人中,同喪身刀下的人臥在一起:這是指法郎和他所有的人民說的──吾主上主的斷語。」 ()