< Hezekiel 30 >
1 Yehowa ƒe nya va nam be,
The word of Yahweh came to me, saying,
2 “Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Mifa avi, miagblɔ be, Baba na ŋkeke ma,
“Son of man, prophesy and say, 'The Lord Yahweh says this: Wail, “Woe is the coming day.”
3 elabena ŋkeke ma gogo, Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe, ŋkeke si dzi blukɔ ado, ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi.
The day is near. The day is near for Yahweh. It will be a day of clouds, a time of doom for nations.
4 Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu, eye ŋɔdzi aɖo Kus. Ne ame ku le Egipte la, woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe, eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu.
Then a sword will come against Egypt, and there will be anguish in Cush when the killed people fall in Egypt— when they take her wealth, and when her foundations are ruined.
5 Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’
Cush and Put, Lydia and all Arabia, and Libya, together with the people belonging to the covenant—they will all fall by the sword.
6 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
Yahweh says this: So the ones who support Egypt will fall, and the pride of her strength will go down. From Migdol to Syene their soldiers will fall by the sword—this is the Lord Yahweh's declaration.
7 “Woazu gbegbe le anyigba siwo wogblẽ la dome, eye woƒe duwo anɔ du siwo wogbã la dome.
They will be appalled in the midst of the abandoned lands, and their cities will be among all the ruined cities.
8 Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne metɔ dzo Egipte, eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã.
Then they will know that I am Yahweh, when I set fire in Egypt, and when all of her helpers are destroyed.
9 “Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo.
In that day messengers will go out from before me in ships to terrorize a secure Cush, and there will be anguish among them on the day of Egypt's doom. For behold! It is coming.
10 “‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar, Babilonia fia ƒe asi dzi.
The Lord Yahweh says this: I will make an end of the multitudes of Egypt by the hand of Nebuchadnezzar, the king of Babylon.
11 Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, ame siwo mekpɔa nublanui na amewo le dukɔwo katã dome o la, vɛ be woagblẽ anyigba la. Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi.
He and his army with him, the terror of nations, will be brought to destroy the land; they will draw out their swords against Egypt and fill the land with those who have been killed.
12 Mana Nil tɔsisi la namie, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la kple nu sia nu si le edzi. Nye, Yehowae ƒo nu.
I will make the rivers into dry ground, and I will sell the land into the hand of wicked men. I will make the land and its fullness desolate by the hand of strangers—I, Yahweh, have spoken.
13 “‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Magbã woƒe legbawo, eye maɖe aklamakpakpɛ siwo le Memfis la ɖa. Dziɖula aɖeke maganɔ Egipte azɔ o, eye mana vɔvɔ̃ naɖo ame sia ame le anyigba la dzi.
The Lord Yahweh says this: I will destroy idols, and I will bring an end to the worthless idols of Memphis. There will no longer be a prince in the land of Egypt, and I will put terror on the land of Egypt.
14 Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes.
Then I will make Pathros desolate and set fire in Zoan, and I will execute acts of judgment on Thebes.
15 Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium, Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi, eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo.
For I will pour out my fury on Pelusium, the stronghold of Egypt, and cut off the multitude of Thebes.
16 Matɔ dzo Egipte; Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese, ahom akplɔ Tebes adzoe, eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta.
Then I will set fire in Egypt; Pelusium will be in great agony, Thebes will be broken up, and Memphis will face enemies every day.
17 Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo.
The young men in Heliopolis and Bubastis will fall by the sword, and their cities will go into captivity.
18 Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo.
In Tahpanhes, the day will hold back its light when I break the yoke of Egypt there, and the pride of her strength will be finished. There will be a cloud covering her, and her daughters will walk into captivity.
19 Ale mahe to na Egipte, eye wòanya be nyee nye Yehowa.’”
I will execute acts of judgment in Egypt, so they will know that I am Yahweh.'”
20 Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be,
Then it came about in the eleventh year, in the first month, in the seventh day of the month, that the word of Yahweh came to me, saying,
21 “Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o.
“Son of man, I have broken the arm of Pharaoh, the king of Egypt. Behold! It has not been bound up, or set to heal with a bandage, so that it will become strong enough to grasp a sword.
22 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi.
Therefore the Lord Yahweh says this, 'Behold, I am against Pharaoh, the king of Egypt. For I will break his arm, both the strong one and the broken one, and I will make the sword fall from his hand.
23 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.
Then I will scatter Egypt among the nations and disperse them among the lands.
24 Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene.
I will strengthen the arms of the king of Babylon and place my sword in his hand so that I might destroy Pharaoh's arms. He will groan before the king of Babylon with the groans of a dying man.
25 Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu.
For I will strengthen the arms of the king of Babylon, while Pharaoh's arms will fall. Then they will know that I am Yahweh, when I put my sword into the hand of the king of Babylon; for he will attack the land of Egypt with it.
26 Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”
So I will scatter Egypt among the nations and disperse them through the lands. Then they will know that I am Yahweh.'”