< Hezekiel 29 >
1 Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
On the twelfth day of the tenth month of the tenth year, a message from the Lord came to me, saying,
2 “Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu.
“Son of man, face towards Pharaoh king of Egypt and prophesy against him and the whole of Egypt.
3 Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.”
Tell him that this is what the Lord God says: Watch out, because I'm condemning you, Pharaoh king of Egypt, you great monster lying in your rivers, who says, ‘The Nile belongs to me; I made it myself.’
4 Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu, mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo me kple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti.
I'm going to put hooks in your jaws and make the fish in your river stick to your scales. I will pull you up out of your river, and all the fish will stick to your scales.
5 Magblẽ wò ɖe gbegbe, wò kple wò tɔwo me lãwo katã; àdze gbadzaƒe dzi, womafɔ wò alo atsɔ wò o. Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo.
I will throw you and the fish away, leaving you in the desert. Your body will fall on the ground and be left in the open. It won't be collected or taken to be buried. I'll leave you as food for wild animals and birds of prey.
6 Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa. “‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la.
Then everyone in Egypt will know that I am the Lord. When you had to deal with the people of Israel you were like a flimsy walking stick made from a reed.
7 Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime.
When Israel grabbed hold of you, you split apart, damaging their shoulder. When they leaned on you, you broke, putting their backs out.
8 “‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo.
So this is what the Lord God says: I will attack you with a sword and kill both people and animals.
9 Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la,
Egypt will become an empty wasteland. Then they will know that I am the Lord. Because you said, ‘The Nile belongs to me; I made it,’
10 metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi.
that's why I'm condemning you and your river. I will ruin Egypt, making it into an empty wasteland all the way from Migdol in the north to Syene in the south, and up to the border with Cush.
11 Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ.
No one, human or animal, will travel that way or live there for forty years.
12 Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.
I will make Egypt more of a wasteland than any other country, and its towns will lie in ruins for forty years among all the other ruined towns. I will scatter the Egyptians among the different nations and countries.
13 “‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me.
However, this is what the Lord God says: After forty years I will gather the Egyptians from the different countries where they were scattered.
14 Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma.
I will bring Egypt out of captivity and take them back to the land of Pathros, where they originally came from. Their kingdom will be insignificant.
15 Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o.
Egypt will be the lowest of kingdoms and won't ever be more important than other nations again. I will bring Egypt down so that it won't ever be able to rule over the nations again.
16 Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”’”
The people of Israel won't ever trust in Egypt again; instead they will be reminded them of their sin when they turned to the Egyptians for help. Then they will know that I am the Lord God.”
17 Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
On the first day of the first month of the twenty-seventh year, a message from the Lord came to me, saying,
18 “Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o.
“Son of man, Nebuchadnezzar king of Babylon made his army work really hard in the siege against Tyre. The soldiers had their hair worn off their heads, and their shoulders rubbed raw. However, he and his army didn't gain any benefit from Tyre for all the work they did in attacking it.
19 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo.
So this is what the Lord God says: I'm going to give Egypt to Nebuchadnezzar king of Babylon who will seize everything valuable. He will loot the country, robbing it to pay his army.
20 Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
I'm rewarding him for all his work by giving him Egypt because the work they did was for me, declares the Lord God.
21 “Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”
At that time I will give power back to the people of Israel and I will help you speak to them. Then they will know that I am the Lord.”