< Hezekiel 27 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
The word of the Lord came to me again, saying,
2 “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu.
And you, son of man, make a song of grief for Tyre;
3 Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Ègblɔ be, ‘Tiro, mede blibo le nyonyo me.’
And say to Tyre, O you who are seated at the doorway of the sea, trading for the peoples with the great sea-lands, these are the words of the Lord: You, O Tyre, have said, I am a ship completely beautiful.
4 Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi, ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo.
Your builders have made your outlines in the heart of the seas, they have made you completely beautiful.
5 Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo, eye wotsɔ sedati tso Lebanon hewɔ abaladoti na wò.
They have made all your boards of fir-trees from Senir: they have taken cedars from Lebanon to make the supports for your sails.
6 Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu.
Of oak-trees from Bashan they have made your driving blades; they have made your floors of ivory and boxwood from the sea-lands of Kittim.
7 Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta.
The best linen with needlework from Egypt was your sail, stretched out to be a flag for you; blue and purple from the sea-lands of Elishah gave you shade.
8 Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo, eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo.
The people of Zidon and Arvad were your boatmen; the wise men of Zemer were in you; they were guiding your ships;
9 Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo. Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi, aƒle wò adzɔnuwo.
The responsible men of Gebal and its wise men were in you, making your boards watertight: all the ships of the sea with their seamen were in you trading in your goods.
10 “Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.
Cush and Lud and Put were in your army, your men of war, hanging up their body-covers and head-dresses of war in you: they gave you your glory.
11 Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ wò gliwo ŋu le akpawo katã, eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo. Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu, eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo.
The men of Arvad in your army were on your walls, and were watchmen in your towers, hanging up their arms on your walls round about; they made you completely beautiful.
12 “Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
Tarshish did business with you because of the great amount of your wealth; they gave silver, iron, tin, and lead for your goods.
13 “Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe.
Javan, Tubal, and Meshech were your traders; they gave living men and brass vessels for your goods.
14 “Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe.
The people of Togarmah gave horses and war-horses and transport beasts for your goods.
15 “Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo.
The men of Rodan were your traders: a great number of sea-lands did business with you: they gave you horns of ivory and ebony as an offering.
16 “Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe.
Edom did business with you because of the great number of things which you made; they gave emeralds, purple, and needlework, and the best linen and coral and rubies for your goods.
17 “Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
Judah and the land of Israel were your traders; they gave grain of Minnith and sweet cakes and honey and oil and perfume for your goods.
18 “Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me.
Damascus did business with you because of the great amount of your wealth, with wine of Helbon and white wool.
19 “Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe.
... for your goods: they gave polished iron and spices for your goods.
20 “Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo.
Dedan did trade with you in cloths for the backs of horses.
21 “Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò.
Arabia and all the rulers of Kedar did business with you; in lambs and sheep and goats, in these they did business with you.
22 “Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika.
The traders of Sheba and Raamah did trade with you; they gave the best of all sorts of spices and all sorts of stones of great price and gold for your goods.
23 “Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.
Haran and Canneh and Eden, the traders of Asshur and all the Medes:
24 Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie.
These were your traders in beautiful robes, in rolls of blue and needlework, and in chests of coloured cloth, corded with cords and made of cedar-wood, in them they did trade with you.
25 “Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo. Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi.
Tarshish ships did business for you in your goods: and you were made full, and great was your glory in the heart of the seas.
26 Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi. Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli.
Your boatmen have taken you into great waters: you have been broken by the east wind in the heart of the seas.
27 Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo, wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã kple wò ameha blibo si le ʋua me la, anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ.
Your wealth and your goods, the things in which you do trade, your seamen and those guiding your ships, those who make your boards watertight, and those who do business with your goods, and all your men of war who are in you, with all who have come together in you, will go down into the heart of the seas in the day of your downfall.
28 Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la, ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe.
At the sound of the cry of your ships' guides, the boards of the ship will be shaking.
29 Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la, agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi, ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta.
And all the boatmen, the seamen and those who are expert at guiding a ship through the sea, will come down from their ships and take their places on the land;
30 Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò, woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi, eye woamli le dzowɔ me.
And their voices will be sounding over you, and crying bitterly they will put dust on their heads, rolling themselves in the dust:
31 Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya. Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese kple konyifafa vevie.
And they will have the hair of their heads cut off because of you, and will put haircloth on their bodies, weeping for you with bitter grief in their souls, even with bitter sorrow.
32 Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la, woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be, Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro, du si atsiaƒu ƒo xlãe ene?
And in their weeping they will make a song of grief for you, sorrowing over you and saying, Who is like Tyre, who has come to an end in the deep sea?
33 Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la, èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo. Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo.
When your goods went out over the seas, you made numbers of peoples full; the wealth of the kings of the earth was increased with your great wealth and all your goods.
34 Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu le tsiwo ƒe gogloƒe, wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò.
Now that you are broken by the seas in the deep waters, your goods and all your people will go down with you.
35 Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò; woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi, eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃.
All the people of the sea-lands are overcome with wonder at you, and their kings are full of fear, their faces are troubled.
36 Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò. Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”
Those who do business among the peoples make sounds of surprise at you; you have become a thing of fear, you have come to an end for ever.

< Hezekiel 27 >