< Hezekiel 26 >

1 Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe nya va nam be,
And it came to pass in the eleventh year, in the first day of the month, that the word of the LORD came unto me, saying,
2 “Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la,
Son of man, because that Tyrus has said against Jerusalem, Aha, she is broken that was the gates of the people: she is turned unto me: I shall be replenished, now she is laid waste:
3 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene.
Therefore thus says the Lord GOD; Behold, I am against you, O Tyrus, and will cause many nations to come up against you, as the sea causes his waves to come up.
4 Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu
And they shall destroy the walls of Tyrus, and break down her towers: I will also scrape her dust from her, and make her like the top of a rock.
5 Le atsiaƒu me la, azu ɖɔsiaƒe. Nyee ƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Azu nuhaha na dukɔwo,
It shall be a place for the spreading of nets in the midst of the sea: for I have spoken it, says the Lord GOD: and it shall become a spoil to the nations.
6 eye eƒe duwo le anyigba la dzi me tɔwo atsi yinu. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”
And her daughters which are in the field shall be slain by the sword; and they shall know that I am the LORD.
7 “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe.
For thus says the Lord GOD; Behold, I will bring upon Tyrus Nebuchadrezzar king of Babylon, a king of kings, from the north, with horses, and with chariots, and with horsemen, and companies, and much people.
8 Atsɔ yi awu wò du siwo le anyigba dzi la me tɔwo, atu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò.
He shall slay with the sword your daughters in the field: and he shall make a fort against you, and cast a mount against you, and lift up the buckler against you.
9 Atrɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye wòatsɔ eƒe aʋawɔnuwo agbã wò xɔ tsralawo.
And he shall set engines of war against your walls, and with his axes he shall break down your towers.
10 Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene.
By reason of the abundance of his horses their dust shall cover you: your walls shall shake at the noise of the horsemen, and of the wheels, and of the chariots, when he shall enter into your gates, as men enter into a city wherein is made a breach.
11 Eƒe sɔwo ƒe afɔkliwo agblẽ nu le wò ablɔwo katã dzi, awu wò amewo kple eƒe yi, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi.
With the hoofs of his horses shall he tread down all your streets: he shall slay your people by the sword, and your strong garrisons shall go down to the ground.
12 Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me.
And they shall make a spoil of your riches, and make a prey of your merchandise: and they shall break down your walls, and destroy your pleasant houses: and they shall lay your stones and your timber and your dust in the midst of the water.
13 Mana wò hadzidzi ƒe ɖiɖi sesĩe nu natso, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o.
And I will cause the noise of your songs to cease; and the sound of your harps shall be no more heard.
14 Mana nàzu agakpe si le ƒuƒlu, eye nàzu teƒe si woasia ɖɔwo ɖo. Womagbugbɔ wò atu akpɔakpɔ o, elabena, nye Yehowae ƒo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
And I will make you like the top of a rock: you shall be a place to spread nets upon; you shall be built no more: for I the LORD have spoken it, says the Lord GOD.
15 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa?
Thus says the Lord GOD to Tyrus; Shall not the isles shake at the sound of your fall, when the wounded cry, when the slaughter is made in the midst of you?
16 Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò.
Then all the princes of the sea shall come down from their thrones, and lay away their robes, and put off their broidered garments: they shall clothe themselves with trembling; they shall sit upon the ground, and shall tremble at every moment, and be astonished at you.
17 Ekema woadzi konyifahawo ɖe ŋuwò, eye woagblɔ nya siawo na wò. “‘Aleke ƒudzitɔwo gbã wò, o, du xɔŋkɔ! Ènye ŋusẽ nɔ ƒuwo dzi kpɔ, wò kple wò amewo, mienye ŋɔdzi na ame siwo katã nɔ afi ma.
And they shall take up a lamentation for you, and say to you, How are you destroyed, that were inhabited of seafaring men, the renowned city, which were strong in the sea, she and her inhabitants, which cause their terror to be on all that haunt it!
18 Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’”
Now shall the isles tremble in the day of your fall; yea, the isles that are in the sea shall be troubled at your departure.
19 Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la,
For thus says the Lord GOD; When I shall make you a desolate city, like the cities that are not inhabited; when I shall bring up the deep upon you, and great waters shall cover you;
20 ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
When I shall bring you down with them that descend into the pit, with the people of old time, and shall set you in the low parts of the earth, in places desolate of old, with them that go down to the pit, that you be not inhabited; and I shall set glory in the land of the living;
21 Mana wò nuwuwu nadzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o. Woadi wò, gake womagakpɔ wò akpɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
I will make you a terror, and you shall be no more: though you be sought for, yet shall you never be found again, says the Lord GOD.

< Hezekiel 26 >