< Hezekiel 25 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
ויהי דבר יהוה אלי לאמר
2 “Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu.
בן אדם שים פניך אל בני עמון והנבא עליהם
3 Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la,
ואמרת לבני עמון שמעו דבר אדני יהוה כה אמר אדני יהוה יען אמרך האח אל מקדשי כי נחל ואל אדמת ישראל כי נשמה ואל בית יהודה כי הלכו בגולה
4 matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi.
לכן הנני נתנך לבני קדם למורשה וישבו טירותיהם בך ונתנו בך משכניהם המה יאכלו פריך והמה ישתו חלבך
5 Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.
ונתתי את רבה לנוה גמלים ואת בני עמון למרבץ צאן וידעתם כי אני יהוה
6 Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la,
כי כה אמר אדני יהוה יען מחאך יד ורקעך ברגל ותשמח בכל שאטך בנפש אל אדמת ישראל
7 mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’”
לכן הנני נטיתי את ידי עליך ונתתיך לבג (לבז) לגוים והכרתיך מן העמים והאבדתיך מן הארצות אשמידך וידעת כי אני יהוה
8 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la,
כה אמר אדני יהוה יען אמר מואב ושעיר הנה ככל הגוים בית יהודה
9 maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi.
לכן הנני פתח את כתף מואב מהערים--מעריו מקצהו צבי ארץ בית הישימת--בעל מעון וקריתמה (וקריתימה)
10 Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o,
לבני קדם על בני עמון ונתתיה למורשה למען לא תזכר בני עמון בגוים
11 eye mahe to na Moabtɔwo vevie. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”
ובמואב אעשה שפטים וידעו כי אני יהוה
12 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la,
כה אמר אדני יהוה יען עשות אדום בנקם נקם לבית יהודה--ויאשמו אשום ונקמו בהם
13 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan.
לכן כה אמר אדני יהוה ונטתי ידי על אדום והכרתי ממנה אדם ובהמה ונתתיה חרבה מתימן ודדנה בחרב יפלו
14 Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
ונתתי את נקמתי באדום ביד עמי ישראל ועשו באדום כאפי וכחמתי וידעו את נקמתי--נאם אדני יהוה
15 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la,
כה אמר אדני יהוה יען עשות פלשתים בנקמה וינקמו נקם בשאט בנפש למשחית איבת עולם
16 ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu.
לכן כה אמר אדני יהוה הנני נוטה ידי על פלשתים והכרתי את כרתים והאבדתי את שארית חוף הים
17 Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’”
ועשיתי בם נקמות גדלות בתוכחות חמה וידעו כי אני יהוה בתתי את נקמתי בם

< Hezekiel 25 >